Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nɔvi aɖe ƒe aƒe si ŋu tsidzadzaa gblẽ nu le vevie

NOVEMBER 19, 2019
RWANDA

Tsidzadza Sesẽ Gblẽ Nu Le Rwanda

Tsidzadza Sesẽ Gblẽ Nu Le Rwanda

Tsi sesẽwo dza le Rwanda ƒe dziehe le October 26 kple 29, 2019 dzi, eye esia gblẽ nu le Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome geɖewo ŋu. Nublanuitɔe la, tsi kplɔ atsu kple asi Ðasefo aɖe ƒe vinyɔnuvi si xɔ ƒe 13 la dzoe eye wòku; esia dzɔ le Musanze Nuto si le Northern Province la me.

Le Ngororero Nuto si le Western Province me la, Ðasefowo ƒe ƒome aɖe ƒe aƒe gbã eye tsi ɖe ƒome asieke ƒe agblewo eye woƒe nukuwo dome gblẽ. Rwanda alɔdzedɔwɔƒea wɔ ɖoɖo wole kpekpeɖeŋu nam nɔvi siwo le nuto siwo me tsidzadzaa gblẽ nu le; wole ŋutilãmekpekpeɖeŋu nam wo eye wotsɔ Biblia le dzi dem ƒo na wo.

Míele gbe dom ɖa be Yehowa nafa akɔ na mía nɔvi siwo dzi afɔku sia dzɔ ɖo la.—2 Tesalonikatɔwo 2:16, 17.