Dzo kpo yi emenuwo dzi

OCTOBER 1, 2013
SOUTH KOREA

Xexemedukɔwo Le Asi Ƒum Nu Ðe South Korea Ƒe Ʋɔnu Madzɔmadzɔ Dɔdrɔ̃ Ta

Xexemedukɔwo Le Asi Ƒum Nu Ðe South Korea Ƒe Ʋɔnu Madzɔmadzɔ Dɔdrɔ̃ Ta

South Korea (Corée du Sud) lé ɖekakpui alafa geɖe siwo menye nu vlo wɔlawo o la de ga. Nu ka tae? Elabena wonye Yehowa Ðasefowo eye wotiae be yewoawɔ ɖe yewoƒe dzitsinya ƒe mɔfiame dzi hegbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o. Esi wònye be Korea medea bubu ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ƒe gomenɔamesiwo ŋu o ta la, woléa Ðasefo sɔhɛ siwo tsi axɔ asrafo ƒe hehe la dea ga. Le nyateƒe me la, wolé Yehowa Ðasefo 17,000 kple edzivɔwo de ga le esi wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta le ƒe 60 siwo va yi me.

Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒe si le South Korea ta agbalẽ aɖe si ƒe tanyae nye  Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Gbegbe Le Dzitsinya Ta Le Korea, si le yevugbe me, ale be woakɔ nu me na dukɔa. Wohe susu yi ale si Korea dziɖuɖua gbe wɔwɔ ɖe xexemedukɔwo ƒe ɖoɖowo dzi kple ale si wògbe bubudede ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta ƒe gomenɔamesiwo ŋu la hã dzi. Woƒo nu tso ɖekakpui Ðasefo siwo wolé de ga le esi wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la hã ŋu kpuie le eme. Aƒetɔ Dae-il Hong, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Korea teƒenɔla kple aƒetɔ Philip Brumley, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Teƒenɔla Le Senyawo gome le New York la gaɖe nu me yi ŋgɔe ku ɖe nu madzɔmadzɔ siwo le edzi yim ɣeyiɣi didi aɖee nye esia ŋu.

Aleke xexemedukɔwo wɔ nu ɖe South Korea dziɖuɖua ƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔ siwo dze gaglã la nu?

Philip Brumley: Dukɔ geɖewo bu fɔ Korea ɖe ale si wògbe bubudede amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi si nye be amewo nagbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ŋu la ta. Le Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔkpɔha si léa ŋku ɖe gomenɔamesinyawo ŋu ƒe kpekpe aɖe si wowɔ nyitsɔ laa me la, dukɔ enyi siwo nye Hungary, France, Germany, Poland (Pologne), Slovakia, Spain, United States kple Australia bia tso Korea si be wòadzudzɔ ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la léle de ga eye wòawɔ ɖoɖo na wo be woawɔ dukɔmevidɔ bubuwo ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe. *

Dae-il Hong: Le nyadɔdrɔ̃ 4 siwo ku ɖe ame 501 siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ŋu me la, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti tso nya me be Korea dziɖuɖua tu afɔkpo ame siawo ƒe gomenɔamesiwo esi wòbu fɔ wo helé wo de ga. Kɔmitia gblɔ be “gome si le amewo si be woagbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta nye tamebubu, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ƒe akpa vevi aɖe. Ena gome ame sia ame be wòagbe be yemaxɔ asrafo ƒe hehe o nenye be esia wɔwɔ mewɔ ɖeka kple eƒe mawusubɔsubɔ alo dzixɔsewo o. Mele be woatsɔ amedzizizi agblẽ gomenɔamesi sia me o.” *

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe dɔwɔha bubu si nye Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔkpɔha hã he susu yi nya sia dzi nyitsɔ laa le eƒe nyatakaka aɖe me, eƒe tanyae nye “Nyatakaka tso ŋkuléle ɖe ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ƒe nya ŋu la ŋuti.” Wohe susu yi ɖoɖo si dzi xexemedukɔwo da asi ɖo ku ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe ŋu la dzi eye wogblɔ ale si wode se hã be ame aɖeke mekpɔ mɔ azi ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o la dzi be woawɔe to ʋɔnudɔdrɔ̃ wo enuenu alo tohehe na wo me o. *

Aleke Korea dziɖuɖu wɔ nu ɖe xexemedukɔwo ƒe nya siawo nu?

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Ƒe Xɔ

Philip Brumley: Korea dziɖuɖua mewɔ ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti ƒe nyawo dzi o. Ale wɔ wògbe wɔwɔ ɖe xexemedukɔwo ƒe ɖoɖo si dzi eya ŋutɔ da asi ɖo dzi, eye wògbe bubudede ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ƒe gomenɔamesiwo ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, South Korea Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ kple Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒe do toku Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Kɔmitia ƒe nyawo esi wogbe be yewomana woagbugbɔ ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ƒe nyawo adrɔ̃ na wo abe ale si ame siawo bia be woawɔ na yewo ene o. Korea dukɔa ƒe Sewɔƒea mekpɔ wɔ ɖoɖo aɖeke be ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la nawɔ dukɔmevidɔ bubuwo ɖe eteƒe o, eye mewɔ ɖoɖo aɖeke hã tsɔ kpɔ ame siawo ta o.

Ke ŋusẽ kae gamenɔnɔ kpɔ ɖe ɖekakpui Yehowa Ðasefo siawo dzi?

Dae-il Hong: Dzi le ɖekakpui siawo ƒo ŋutɔ. Ne dziɖuɖua yɔ wo la, woyina togbɔ be wonya be woalé yewo ade ga le dukɔa ƒe se si li fifia nu hã. Womesina bena o. Wonye dukɔmevi ɖɔʋuwo do ŋgɔ na gameyiyi, eye wonyea gaxɔmenɔla ɖokpɔɖeŋunyuiwo hã. Nublanuitɔe la, ne woɖe asi le wo ŋu le ga me la, setɔwo ŋlɔna tso wo ŋu le dziɖuɖua ƒe nuŋlɔɖiwo me be wonye nu vlo wɔlawo, eye esia wɔnɛ be dɔkpɔkpɔ le dziɖuɖudɔwɔƒewo alo dɔwɔƒe gãwo sesẽna na wo ŋutɔ. Wogblẽa ƒe ɖeka kple afã dome na wo le gaxɔ me. Wobɔa woƒe ƒometɔwo ne wole gaxɔ me. Fuɖename siawo katã mehiã hafi o.

Ðe wòdze be woabu Yehowa Ðasefo siwo le Korea be wonye nu vlo wɔlawo eye woalé wo de ga ne wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe oa?

Dae-il Hong: Kura o! Menye nu vlo wɔlawoe ɖekakpui siawo nye o. Wonya Yehowa Ðasefowo le Korea kple xexea me godoo be wonye dukɔmevi ŋutifafame sedziwɔla siwo lɔ̃na be yewoawɔ dɔ siwo aɖe vi na yewoƒe nutowo me tɔwo. Wodea bubu dziɖuɖumegãwo ŋu, wowɔa se dzi, woxea adzɔ, eye wokpea asi ɖe dɔ ɖe sia ɖe si dziɖuɖua de to me be wòaɖe vi na dukɔmeviwo la ŋu. Nyitsɔ laa la, Korea nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe bu fɔ ɖekakpui Ðasefo aɖe si gbe be yemaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta hetso nya me be woalée de ga. Ʋɔnudrɔ̃laa gblɔ be naneke meli yeate ŋu awɔ wu be yeabu fɔe o, eye wòxlẽ nyametsotsoa. Kasia ʋɔnudrɔ̃la ma tsɔ pepa tsyɔ mo hefa avi vevie. Ewɔ abe fɔbubu ɖekakpui ma madzemadzee te ɖe ʋɔnudrɔ̃la dzi ale gbegbe be ɖeko wòbu na eɖokui sẽe ene. Ame bubu siwo le ʋɔnudrɔ̃ƒea hã de dzesi nu madzɔmadzɔ wɔwɔ sia eye woawo hã fa avi vevie.

Philip Brumley: Le nyateƒe me la, ehiã fifia be Korea dziɖuɖumegãwo nakpɔ nya sia si li eteƒe didi la gbɔ eye woawɔ ɖoɖo siwo ana be woade bubu ame siwo gbe be yewoaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ƒe gomenɔamesiwo ŋu.

^ mm. 5 Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔkpɔha Ƒe “Ƒe Ƒuƒoƒo Si Léa Ŋku Ðe Gomenɔamesinyawo Ŋu Tso Ɣeyiɣi Yi Ɣeyiɣi Le Xexea Me Godoo Ƒe Nyatakaka,” le 12 December 2012 dzi, A/HRC/22/10, axa 7 kple 22, memema 44 kple 124.53.

^ mm. 6 Jong-nam Kim Kple al. Kpakple Korea dziɖuɖua, nyatakaka 1786/2008, Nyametsotso si dzi Kɔmitia da asi ɖo, 25 October 2012, axa 7, memama 7.4

^ mm. 7 Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔkpɔha ƒe nyatakaka si nye “Nyatakaka tso ŋkuléle ɖe ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ƒe nya ŋu ŋuti,” 3 June 2013, A/HRC/23/22, axa 3-8, memama 6-24; axa 9, 10, memama 32, 33.