Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE (MASA) 16, 2014
SOUTH KOREA

Ʋɔnudrɔ̃lawo Ƒe Dzitsinya Le Fu Ðem Na Wo Esi Wobia Tso Wo Si Be Woado Toku Ame Bubuwo Ƒe Dzitsinya

Ʋɔnudrɔ̃lawo Ƒe Dzitsinya Le Fu Ðem Na Wo Esi Wobia Tso Wo Si Be Woado Toku Ame Bubuwo Ƒe Dzitsinya

Suwon Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe zimenɔla nɔ avi fam esime wòle ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa xlẽm. Wotso nya me be woalé sɔhɛ Chang-jo Im si xɔ ƒe 21 la de ga le esi wògbe be yemaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ta. Ʋɔnudrɔ̃laa xlẽ ame atɔ̃ bubu aɖewo siwo wobu nu vlo wɔlawoe ƒe nyametsotso do ŋgɔ eye naneke medze le eŋu be woƒe nyaa te ɖe edzi o. Gake sɔhɛ sia ya tɔ te ɖe edzi ŋutɔ wòfa avi. Esi naneke meli wòate ŋu awɔ tso nyaa ŋu o ta la, ebu fɔ sɔhɛ Yehowa Ðasefo sia be wòayi ga ɣleti 18 sɔŋ.

Ɣleti sia ɣleti la, ʋɔnudrɔ̃la siwo le South Korea (Corée du Sud) toa nɔnɔme sia me. Ne sɔhɛ siawo va ʋɔnudrɔ̃ƒe la, wogblɔna be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta, eye eɖanye nɔnɔme ka me tom wole o, ʋɔnudrɔ̃lawo bua fɔ wo godoo be woayi ga ɣleti 18. Ʋɔnudrɔ̃la Young-sik Kim gblɔ le eƒe nyametsotso ku ɖe ame aɖe si gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta ŋu be: “Ne ʋɔnudrɔ̃lawo le ʋɔnu drɔ̃m ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la, wonyana nyuie be ‘menye nu vlo wɔlawoe’ wonye hafi o.” Ale si nyadɔdrɔ̃ siawo tena ɖe edzi na be wògblɔ be yemekpɔe be woate ŋu azã sisi le asrafodɔ nu ƒe sewo atsɔ adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta o.

South Korea meda asi ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ƒe ɖoɖoa dzi o eye mewɔ dukɔmevidɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo aɖeke hã na eƒe dukɔmeviwo o. Esia wɔe be naneke meli South Korea ʋɔnudrɔ̃lawo nawɔ tso nya sia ŋu o, eye esia ƒoe ɖe wo nu be woabu fɔ ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta be wonye nu vlo wɔlawo. Ʋɔnudrɔ̃lawo nyae hã be Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti la tso nya me le nya siawo ŋu zi geɖe ku ɖe ɖekakpui 501 aɖewo ŋu, eye wonyae hã be South Korea dziɖuɖua mele wɔwɔm ɖe xexemedukɔwo ƒe ɖoɖo siwo dzi eya ŋutɔ da asi ɖo be yeade bubu amegbetɔ ƒe gomenɔamesi veviwo ŋu eye yemagakplɔ ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la ayi ʋɔnui alo alé wo atu o la dzi o. Esia wɔe be ʋɔnudrɔ̃la geɖewo ƒe dzitsinya va le fu ɖem na wo ne wole fɔ bum ɖekakpui Kristotɔ siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la be woayi ga me.

Va se ɖe fifia la, nutomeʋɔnudrɔ̃la ade tsɔ asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ŋu nyawo yi South Korea Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea togbɔ be Ʋɔnudrɔ̃ƒe sia tso nya me ku ɖe nya sia ŋu nyitsɔ laa le ƒe 2011 me be asrafo ƒe hehexɔxɔ ƒe ɖoɖoa le se nu hã. Ʋɔnudrɔ̃laawo ƒe afɔɖeɖe sia kpɔ nya vevi aɖe hã gbɔ.

Ʋɔnudrɔ̃la aɖewo le gbɔgblɔm be . . .

  • Mesɔ be woalé ame siwo gbe be yewomayi aʋa o le dzitsinya ta la ade ga o

    “Taɖodzinu vevi aɖe si tae Dukplɔsea kpɔa dzitsinya ƒe ablɔɖe ta be enye gomenɔamesi vevi aɖee nye be wòakpɔ dumeviwo ƒe dzitsinya si nye nu vevi si dea bubu kple asixɔxɔ amegbetɔ ŋu la ta. . . . Togbɔ be woƒe nyametsotso be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta mewɔ ɖeka kple ame akpa gãtɔ ƒe susu o hã la, asesẽ ŋutɔ be woaɖo kpe edzi be woƒe nuwɔna nye agɔdzedze gã aɖe le dukɔmeviwo kple dukɔa dzi si ta wòle be woahe to na wo vevie abe nu vlo wɔlawo ene la ɖo.”–Ʋɔnudrɔ̃la Hye-won Lim le Suwon Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe, February 21, 2013, 2012Chogi2381.

    “‘Asixɔxɔ si le amegbetɔ ƒe agbenɔnɔ’ ŋu la ŋu bubu vevie . . . ahatso nya me le ƒomedodo si le ame kple ehavi dome ŋu nye ame ƒe amenyenye tutu ɖo ƒe akpa vevi aɖe. Elɔ nyametsotso be womaxɔ ame aɖeke ƒe agbe le esi o hã ɖe eme, nenye be aʋawɔɣie gɔ̃ hã. Ne wozi ame siwo [tso nya me alea] dzi woxɔ asrafo ƒe hehe alo tsɔ tu loo alo hea to na wo vevie ne wogbe esia wɔwɔ la, anye bubumademade woƒe gomenɔamesiwo kple woƒe amenyenye ŋuti. Ðikeke mele eme o be enye asixɔxɔmademade amegbetɔ ŋu.”–Ʋɔnudrɔ̃la Young-hoon Kang, Seoul Dziehenutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe, January 14, 2013, 2012Chogi1554.

  • Bubudede ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o ƒe gomenɔamesiwo ŋu medea dukɔa ƒe dedienɔnɔ afɔku me o

    “Kpeɖodzi alo nyatakaka gobi aɖeke meli be ne wowɔ dukɔmevidɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafodɔ teƒe ƒe ɖoɖo na dukɔmeviwo la ade dukɔa ƒe dedienɔnɔ afɔku me si tae wòle be woazi amewo dzi be woaxɔ asrafo ƒe hehe kokoko o.”–Ʋɔnudrɔ̃la Gwan-gu Kim, Changwon Masan Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe, August 9, 2012, 2012Chogi8.

    “Kpeɖodzi sẽŋu aɖeke meli be nenye be habɔbɔ siwo me tɔwo mesɔ gbɔ o, siwo dome Yehowa Ðasefowo hã le la, gbe be yewomatsɔ tu alo axɔ asrafo ƒe hehe o la agblẽ nu le dukɔa ƒe dedienɔnɔ ŋu vevie ale gbegbe be manya wɔ be woakpɔ bubu si amegbetɔ ɖe sia ɖe kple dukɔmeviwo katã dze na la ta o. Le nyateƒe me la, ame siwo ŋu wotsɔ nya ɖo la . . . gbe xoxo be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o togbɔ be wohe to na wo hã. Ne ɖe esia ƒe kpeɖodzi sẽŋuwo li la anye ne dukɔa ƒe dedienɔnɔ, bubu si amegbetɔ ɖe sia ɖe kple dukɔmeviwo katã dze na ɖo afɔku me xoxo.”–Ʋɔnudrɔ̃la Seung-yeop Lee, Ulsan Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe, August 27, 2013, 2013Godan601.

  • Ale si woakpɔ nyaa gbɔe

    “Ŋusẽ le dziɖuɖumegãwo kple Sewɔƒe la si be woabu dukɔa ƒe dedienɔnɔ kple dzitsinya ƒe ablɔɖe siaa ŋu awɔ se siwo aɖe mɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ŋu evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la woagana dukɔa nanɔ dedie wu nenye be Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be esia mewɔ ɖeka kple Dukplɔsea o hã.”–Ʋɔnudrɔ̃la Young-sik Kim, Seoul Anyiehenutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe, July 9, 2013, 2013Chogi641.

    “Ne wowɔ dukɔmevidɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo na dukɔmeviwo la, magblẽ nu boo le aʋakɔa alo dukɔa ƒe dedienɔnɔ ŋu o nenye be wowɔ ɖoɖo ɖe eŋu nyuie hekpɔ egbɔ be ame sia ame ko matso ava gblɔ alakpatɔe be yemedi be yeaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta o.”–Ʋɔnudrɔ̃la Seong-bok Lee, Seoul Ɣedzeƒenutome Ʋɔnudrɔ̃ƒe, February 20, 2014, 2014Chogi30.

Aleke Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea Awɔ Nui?

Ʋɔnudrɔ̃la siawo bia tso Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea si be wòatso nya me le asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta la ŋu na yewo. Fifia la, Ʋɔnudrɔ̃ƒea lɔ̃ be yeadrɔ̃ nya 29, eye nya siawo dometɔ eve ku ɖe ŋutsu 433 ŋu.

Nya kae Dukplɔsetakpɔʋɔnudrɔ̃ƒea agblɔ tso nya siawo ŋu? Ðe South Korea ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ ada asi ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta dzi ahato ema dzi ana woatrɔ asi le dukɔa ƒe sewo ŋu ku ɖe nya sia ŋua? Ne ewɔe la, awɔ ɖe xexemedukɔwo ƒe ɖoɖo siwo dzi wòda asi ɖo be yeawɔ la kple eya ŋutɔ ƒe Dukplɔsea dzi, eye wòade bubu ame geɖewo ƒe dzitsinya ŋu. Esia ana gbɔdzɔe ɖekakpui alafa geɖe siwo wolé de ga madzemadzee la hã.