Dzo kpo yi emenuwo dzi

FEBRUARY 19, 2015
SOUTH KOREA

Wobu Fɔ South Korea Le Esi Wòdea Ame Siwo Gbea Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Ga Madzemadzee Ta

Wobu Fɔ South Korea Le Esi Wòdea Ame Siwo Gbea Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Ga Madzemadzee Ta

Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti bu fɔ South Korea (Corée du Sud) dziɖuɖua ɖe esi wòdea ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ la ga madzemadzee kple ale si wòtua afɔkpo woƒe dzitsinya ƒe ablɔɖe ƒe gomenɔamesi la ta. Zi atɔ̃liae nye esia Kɔmitia bu fɔ South Korea ɖe ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta léle de ga ta, gake esiae nye zi gbãtɔ wòbu fɔ dziɖuɖua be elé wo de ga “madzemadzee.” *

Le nyametsotso ene siwo do ŋgɔ siwo ku ɖe ame 501 siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ŋu gome la, Kɔmitia kpɔe be South Korea da Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla ƒe ɖoɖo 18 lia dzi. Nyametsotso mamlɛtɔ sia si dzi Kɔmitia da asi ɖo le October 15, 2014 dzi eye wòɖee ɖe go le January 14, 2015 dzi la ku ɖe ɖekakpui Ðasefo 50 aɖewo ŋu. * Nyametsotso sia gayi ŋgɔ wu tsãtɔawo. Kɔmitia gakpɔe hã be esi dziɖuɖua he to na ɖekakpui siawo le woƒe gomenɔamesi vevi siawo ŋu dɔwɔwɔ ta helé wo de ga la, eda Nubabla ƒe Ðoɖo 9 lia si gblɔ be medze be woalé ame de ga madzemadzee o eye ele be woaxe nugblẽfe na ame si wolé madzemadzee la dzi. Kɔmitia gblɔ be “ele be woakeke nu si wobua ‘ʋɔnu madzemadze dɔdrɔ̃’ la ɖe nu . . . wòalɔ numawɔmawɔ ɖe ame ŋu nyuie kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ɖe ame ŋu hã ɖe me.” Eye wòƒo nya ta be “amedede ga atsɔ ahe to nɛ le eƒe mawusubɔsubɔ kple dzitsinya ƒe ablɔɖe si wòdzena ŋu dɔwɔwɔ si ƒe gome Nubabla ƒe ɖoɖo 18 lia na ame sia ame ta” nye nu madzemadze wɔwɔ.

Wobia Tso Dziɖuɖua Si Be Wòakpɔ Nyaa Gbɔ

Le Kɔmitia ƒe nyametsotsoa me la, ebia tso South Korea dziɖuɖua si be wòate fli ɖe nya siwo wotsɔ ɖe Ðasefo 50 mawo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo la me eye wòakɔ wo ŋu ahaxe ga si dze na wo. Kɔmitia gagblɔ hã be “agba le dziɖuɖua dzi be . . . [wòawɔ] dɔ bubu ƒe ɖoɖo na ame siwo gbea asrafowo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta.” Kɔmitia bia tso South Korea dziɖuɖua si be wòana akɔnta yewo tso “ɖoɖo siwo wòwɔ ku ɖe Nyametsotso yeye sia ŋu” le ŋkeke 180 siwo kplɔ nyametsotsoa ɖo me.

South Korea dziɖuɖua te tɔ ɖe edzi enuenu be yemate ŋu awɔ dɔ bubu wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo na dukɔmeviwo o, elabena esia ate ŋu ade dukɔa ƒe dedienɔnɔ afɔku me, eye be dukɔmeviwo hã ƒe nu mesɔ le nya sia gome o. Zi atɔ̃liae nye esia Kɔmitia melɔ̃ ɖe dziɖuɖua ƒe ɖokuitaʋlinya siawo dzi o, eye wòhe dziɖuɖua ƒe susu yi Kɔmitia ƒe Nyametsotso si wòɖe ɖe go le ƒe 2006 me la dzi. Le Nyametsotso sia me la, Kɔmitia gblɔ be South Korea dziɖuɖua “mete ŋu na kpeɖodzi gobi aɖeke si ɖe nu si tututu wòagblẽ le dukɔa ŋu ne ede bubu ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ ɖe dzitsinya ta ƒe gomenɔamesiwo ŋu la fia o.” Le nya si dziɖuɖua gblɔ be ne yewɔ ɖoɖo be amewo nawɔ dɔ bubuwo ɖe asrafodɔ teƒe la, ade tɔtɔ dukɔa me eye wòanye ameŋkumekpɔkpɔ hã gome la, Kɔmitia gblɔ be “ne Dziɖuɖua de bubu ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o ƒe dzixɔsewo ŋu eye wòɖe mɔ na wo be woawɔ esia ŋu dɔ la, ana be ɖekawɔwɔ nanɔ dukɔa me eye wòana hã be subɔsubɔha vovovowo nanɔ anyi le tomefafa me.” Eya ta Kɔmitia ƒo nya ta be susu aɖeke meli si ta South Korea dziɖuɖua nanɔ ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta lém de ga o.

Edze ƒãa be South Korea daa xexemedukɔwo ƒe sedede kple ɖoɖo siwo wowɔ ku ɖe ale si woawɔ nu ɖe ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ŋu la dzi.

Togbɔ be South Korea ɖo Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla me tso ƒe 1990 me ke hã la, eɖoe kplikpaa be yemawɔ ɖe ɖoɖo siwo le Nubabla me ku ɖe ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta ŋu dzi o. Le nyateƒe me la, South Korea dziɖuɖumegãwo yi edzi le sɔhɛ Ðasefo alafa geɖewo lém de ga ƒe sia ƒe. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti ƒo nu wòde ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le South Korea dzi zi geɖe. Míada ŋku ɖi akpɔe ɖa be dziɖuɖua awɔ ɖe dutadukɔ vovovoawo ƒe biabiawo dzi adzudzɔ ame siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o léle de ga madzemadzee ahawɔ se siwo ade bubu dumeviwo ƒe dzitsinya ŋu mahã.

^ mm. 2 Kpɔ Nubabla ƒe Gbeƒãɖeɖe 2179/2012, Young-kwan Kim et al. kple Korea Dukɔa, Nyametsotso si dzi woda asi ɖo le October 15, 2014 dzi, memama 7.5.

^ mm. 3 Ðekakpui Ðasefo 50 siwo bia tso South Korea ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ si zi gbãtɔ be wòagbugbɔ nya adrɔ̃ na yewo la dometɔ 30 aɖewoe nye ema tɔ ɖe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔa ŋkume le foto si le etame la me.