Dzo kpo yi emenuwo dzi

FEBRUARY (DZODZE) 9, 2016
SOUTH KOREA

Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmiti Ƒoe Ðe Anyiehe Korea Nu Be Wòada Asi Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Gbegbe Le Dzitsinya Ta Dzi

Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmiti Ƒoe Ðe Anyiehe Korea Nu Be Wòada Asi Ðe Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Gbegbe Le Dzitsinya Ta Dzi

Esi Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia dzro ale si amegbetɔwo ƒe gomenɔamesinyawo le edzi yim le Anyiehe Korea (South Korea alo Corée du Sud) me nyuie vɔ la, eƒo nya ta le November (Adeɛmekpɔxe) 3, 2015 dzi. Kɔmitia de dzesi afɔ nyui siwo Korea ɖe le amegbetɔwo ƒe gomenɔamesinyawo gome gake egakpɔe hã be egbe wɔwɔ ɖe Kɔmitia ƒe nyametsotso ku ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ŋu ya dzi.

Dzitsinya kple Mawusubɔsubɔ Ƒe Ablɔɖe Ƒe Gomenɔamesi

Togbɔ be xexemedukɔwo da asi ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta dzi be enye amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi aɖe hã la, Anyiehe Korea gakpɔtɔ le to hem na ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la kokoko. Tso ƒe 1950 me la, ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo le dukɔ sia me bu fɔ Yehowa Ðasefo 18,000. Ne wotsɔ ƒe siwo wo katã tsɔ le ga me ƒo ƒu la, ade 36,000 kloe.

Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmitia xlɔ̃ nu dziɖuɖua vevie le eƒe nyatakakaa me be:

  • Wòaɖe asi le ame siwo wòlé de ga le asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe ta ŋu enumake.

  • Wòatutu nu siwo woŋlɔ ɖi tso wo ŋu be wonye nu vlo wɔlawo la ɖa, wòaxe fe si sɔ na wo atsɔ akpata wo, eye wòakpɔ egbɔ hã be womaʋu go ameawo ŋuti nyatakakawo o.

  • Wòada asi ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta dzi le se nu, eye wòawɔ dukɔmevidɔ bubu wɔwɔ ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe ƒe ɖoɖo na eƒe dukɔmeviwo.

Agba Le Dziɖuɖua Dzi Be Wòawɔ Ðe Ðoɖo Siwo Dzi Wòda Asi Ðo La Dzi

Tso ƒe 2006 me la, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmitia ɖe Nyanyanana atɔ̃ aɖewo ɖe go ku ɖe ale si Anyiehe Korea dziɖuɖua gbe se siwo akpɔ ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la ta ahana be womahe to na wo le esia wɔwɔ ta o la dede. * Kɔmitia gaƒoe ɖe dziɖuɖua nu ake le eƒe nyatakaka aɖe me be “wòawɔ ɖoɖo ahaɖe afɔ siwo sɔ nyuie awɔ ɖe Kɔmitia ƒe Nyanyanana me nyawo dzi bliboe.” Esia bia be dziɖuɖua nawɔ ɖe Kɔmitia ƒe Nyanyanana siwo wòɖe ɖe go do ŋgɔ ku ɖe nya sia ŋu la hã dzi.

Le nyatakaka sia ɖeɖe ɖe go megbe la, aƒetɔ Seong-ho Lee, si nye Korea-dukɔa Ƒe Habɔbɔ Si Kpɔa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesinyawo Gbɔ ƒe zimenɔla lɔ̃ ɖe edzi be amegbetɔ ƒe gomenɔamesisewo dzi dada siwo dzi wotɔ asii le nyatakakaa me la le eme. Aƒetɔ Lee gblɔ tsɔ ɖo aɖaŋu na dziɖuɖua le dutoƒokpekpe aɖe me be wòawɔ ɖe Kɔmitia ƒe nyawo dzi ale: “Agba le dziɖuɖua dzi be wòawɔ ɖe Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla me nyawo dzi bliboe.”

Esi wònye be Anyiehe Korea de asi Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla te ta la, agba le edzi be wòawɔ emenyawo dzi. Esi wònye be Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmiti lae kpɔa Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla la ƒe dɔwo dzi eye wòda asi ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta dzi ta la, akpɔtɔ anɔ Korea bum sedzidalae nenye be ekpɔtɔ gbe wɔwɔ ɖe Kɔmitia ƒe Nyanyananawo me nyawo dzi.

Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmitia ƒe nyatakaka sia si wòɖe ɖe go nyitsɔ laa la gava na be boboe si dom dukɔ geɖewo le ɖe Korea ta le ale si wòle fu wɔm ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya tae la gaɖi sesĩe wu. Korea kple dukɔ bubuwo me tɔ geɖewo ada ŋku ɖi akpɔe ɖa be dziɖuɖua awɔ ɖe ɖoɖo siwo dzi eya ŋutɔ da asii ɖo la dzi mahã.

^ mm. 10 Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Kɔmitia ɖea nyametsotso aɖewo ɖe go siwo wona ŋkɔ be Nyanyanana nenye be eku ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesise siwo ta Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla kpɔ dzi dada ŋu. Nyanyanana atɔ̃ siwo me wobu fɔ Korea dziɖuɖua le be eda Nubabla ƒe Seti 18 lia si ku ɖe “susuɖegblɔ, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ƒe gomenɔamesiwo” ŋu dzi lae nye xexlẽdzesi 1321-1322/2004, Yeo-bum Yoon Kple Myung-jin Choi Kpakple Korea Dziɖuɖua, November (Adeɛmekpɔxe) 3, 2006; xexlẽdzesi 1593-1603/2007, Eu-min Jung et al. Kple Korea Dziɖuɖua, March (Tedoxe) 23, 2010; xexlẽdzesi 1642-1741/2007, Min-kyu Jeong et al. Kple Korea Dziɖuɖua, March (Tedoxe) 24, 2011 xexlẽdzesi 1786/2008, Jong-nam Kim et al. Kple Korea Dziɖuɖua, October (Kele) 25, 2012; xexlẽdzesi 2179/2012, Young-kwan Kim et al. Kple Korea Dziɖuɖua, October (Kele) 15, 2014.