Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 11, 2013
TURKEY

Dukɔ Ƒoƒuawo Bia Tso Turkey Si Be Wòade Bubu Eƒe Dukɔmeviwo Ƒe Dzitsinya Ŋu

Dukɔ Ƒoƒuawo Bia Tso Turkey Si Be Wòade Bubu Eƒe Dukɔmeviwo Ƒe Dzitsinya Ŋu

Kristotɔ miliɔn geɖewo gbena be yewomazã tu o le dzitsinya ta. Wodea bubu woƒe nyametsotso sia ŋu le dukɔ geɖewo me. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti tso nya me be Turkey (Turquie) dukɔmeviwo hã dze na ablɔɖe ma ke.

Kɔmitia tso nya me le March 29, 2012 dzi wòde Turkey dukɔmevi eve siwo ŋkɔwoe nye Cenk Atasoy kple Arda Sarkut dzi. Ŋutsu eve siawo katã nye Yehowa Ðasefo siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le woƒe mawudzixɔse ta.

Aƒetɔ Atasoy kple Aƒetɔ Sarkut bia tso dziɖuɖumegãwo si enuenu be woana mɔnukpɔkpɔ yewo yewoaɖe nu si tae yewoƒe dzitsinya meɖe mɔ na yewo be yewoaxɔ asrafo ƒe hehe o me na wo, gake medze edzi o. Wodoe ɖe dziɖuɖumegãwo gbɔ be woana yewoawɔ dɔ bubuwo ɖe asrafodɔ teƒe, gake wogbe esia hã kpem. Eye wole nya ƒom ɖe ŋutsuawo nu atraɖii be woaɖo asrafodɔ me. Esi asrafoawo do ŋɔdzi na yunivɛsiti si me Aƒetɔ Sarkut nye nufiala le be yewoakplɔe yi ʋɔnu la, wonya ŋutsu sia le dɔ me.

Kɔmitia gblɔ le eƒe nyametsotsoa me be gome si le amewo si be woagbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la “nye ablɔɖe ƒe gomenɔamesi vevi aɖe,” si dze le Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla ƒe Ðoɖo 18 lia me. Kɔmitia gatso nya me be gomenɔamesi sia “na mɔnukpɔkpɔ ame sia ame be wòagbe be yemaxɔ asrafo ƒe hehe o nenye be hehe sia xɔxɔ mawɔ ɖeka kple eƒe mawusubɔsubɔ alo eƒe dzixɔsewo o.”

Nyametsotso sia va le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe nyametsotso eve aɖewo megbe kpuie. Le nyametsotso eve mawo me la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be “Turkey-dziɖuɖua da le gome si le amewo si be woagbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la dzi esi mewɔ ɖoɖo aɖeke be amewo nawɔ dɔ bubu ɖe asrafo ƒe hehexɔxɔ teƒe o” abe ale si Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha ƒe ɖoɖowo bia ene.

Kristotɔwo gbena be yewomawɔ asrafodɔ o tso keke Kristotɔ gbãtɔwo ŋɔli ke. Aƒetɔ E. W. Barnes gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Kristotɔnyenye Ƒe Dodo, si le yevugbe me la me be: “Nyatakaka siwo katã li la me dzodzro nyuie ɖee fia be, va ɖo Marcus Aurelius [si nye Roma fiagã tso ƒe 161 va se ɖe 180 Kristotɔwo Ŋɔli] ƒe ɣeyiɣia me la, Kristotɔ aɖeke mewɔ asrafodɔ o; eye asrafo aɖeke mezua Kristotɔ vɔ gakpɔtɔ nɔa asrafodɔa me o.”