Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE 11, 2014
TURKEY

Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe De Ame Siwo Gbea Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Le Dzitsinya Ta Le Turkey Dzi

Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe De Ame Siwo Gbea Asrafo Ƒe Hehexɔxɔ Le Dzitsinya Ta Le Turkey Dzi

Le June 3, 2014 dzi la, Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo katã ƒo nya ta be Turkey dukɔa (Turquie) da Europatɔwo ƒe Gomenɔamesise * dzi esi wobu fɔ Yehowa Ðasefo ene le Turkey le esi wogbe be yewomaxɔ asrafowo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ta. Ðasefo siawo ŋkɔwoe nye Çağlar Buldu, Bariş Görmez, Ersin Ölgün kple Nevzat Umdu. Ame ene siawo gbe be yewomaxɔ asrafowo ƒe hehe o le woƒe mawudzixɔse ta. Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be: “Nu siwo wɔm wole ɖe ame ene siawo ŋu la . . . nye fuɖename si mesɔ le demokrasidukɔwo me o le Gomenɔamesise 9 lia nu.”

Ðasefo eneawo tsɔ nya ɖe Turkey dziɖuɖua ŋu (Buldu kple Ame Bubuwo Kpakple Turkey) le March 17, 2008 dzi, eye wogblɔ le nya si wotsɔ ɖe Turkey dziɖuɖua ŋu me be mede bubu yewoƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu o, elabena wotsɔa nya ɖe yewo ŋu le ʋɔnu enuenu eye wobua fɔ yewo le esi yewogbe be yewomaxɔ asrafowo ƒe hehe o le dzitsinya ta la ta. Woyɔ wo enuenu be woava xɔ asrafo ƒe hehe, eye ne wotsɔ zi neni si woyɔ wo la ƒo ƒu la, ewu zi 30; wozi wo dzi wonɔ gaxɔ kple asrafowo ƒe asaɖa me ƒe ade kple edzivɔ.

Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be: “Esi Yehowa Ðasefoawo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta la, esia fia kɔtɛe be woƒe mawudzixɔse tae. Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe dze sii kɔtɛe be fɔbubu Ðasefoawo enuenu, . . . kple wo nu tsotso be wonye nu vlo wɔlawo, . . . nye gome si le wo si be woawɔ woƒe mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu dɔ abe ale si wòle le Gomenɔamesise ƒe nyati 9 lia me ene la dzi dada.”

Çağlar Buldu

Esiae nye zi etɔ̃lia wobu fɔ Turkey dziɖuɖua le asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta ƒe nyawo ta. Gbã la, Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe tso nya me wòde Yunus Erçep dzi le ƒe 2011 me, eye wògatso nya me wòde Feti Demirtaş hã dzi le ƒe 2012 me. Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmiti tso nya me wòde Ðasefo eve bubu dzi le ƒe 2012 me le Turkey; woawoe nye Cenk Atasoy kple Arda Sarkut, siwo gbe asrafodɔ le woƒe dzitsinya ta.

Nu si koŋ va trɔ nyaa le Europa lae nye ale si Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe Nyagbugbɔgadrɔ̃kɔmiti Gãtɔ tso nya me le Bayatyan kple Armenia ƒe nyadɔdrɔ̃ me le July 7, 2011 dzi. Esiae nye zi gbãtɔ Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea va kpɔe be Europatɔwo ƒe Gomenɔamesise ƒe nyati 9 lia kpɔ ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la ta. Nyametsotso sia bla dukɔ siwo katã le Europa Aɖaŋudeha la me. Bayatyan kple Armenia ƒe nyaa dɔdrɔ̃, ʋɔnu etɔ̃ siwo Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea drɔ̃ Turkey, kpakple nyametsotso bubu siwo Europa Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ abe esiawo ene la ƒoe ɖe Turkey kple dukɔ bubu siwo le Europa Aɖaŋudeha la me nu be woagbugbɔ ŋku alé ɖe ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta ƒe nyawo ŋu ale be woatrɔ asi le woƒe sewo ŋu wòasɔ ɖe gomenɔamesise siwo dzi woda asi ɖo la nu.

Aƒetɔ James E. Andrik, si nye senyala siwo ʋli Ðasefo eneawo ta le nyadɔdrɔ̃ sia me la dometɔ ɖeka gblɔ be: “Togbɔ be Ðasefo aɖeke mele ga me le Turkey fifia le asrafo ƒe hehexɔxɔ gbegbe le dzitsinya ta o hã la, dziɖuɖua yi edzi le fu wɔm ɖekakpui Ðasefowo ɖe ale si wogbe be yewomaxɔ asrafohehe o le dzitsinya ta la ta. Míele mɔ kpɔm be ale si woatso nya me le Buldu kple ame bubuwo kpakple Turkey dziɖuɖua ƒe nyadɔdrɔ̃ me la aʋã Turkey dziɖuɖua wòade bubu dzitsinya ƒe ablɔɖe ƒe gomenɔamesi vevitɔ la ŋu.”

^ mm. 2 Se 3 lia bia be woatsri funyafunyawɔame, nu manyomanyowo wɔwɔ ɖe ame ŋu kple vlododo ame; Se 6 lia gblɔ be gome le ame sia ame si be woadrɔ̃ nya dzɔdzɔe nɛ, Se 9 lia gblɔ be ame sia ame kpɔ mɔ abu tame le eɖokui si le ablɔɖe me, awɔ eƒe dzitsinya ŋu dɔ eye wòasubɔ le mɔ si dze eŋu la nu.