Dzo kpo yi emenuwo dzi

SEPTEMBER 22, 2014
TURKMENISTAN

Woɖe Asi Le Vidada Si Wode Mɔ́ Ŋu Le Turkmenistan

Woɖe Asi Le Vidada Si Wode Mɔ́ Ŋu Le Turkmenistan

Bibi Rahmanova kple eƒe ƒomea

September 2, 2014 ƒe fiẽ ga 8 mee woɖe asi le Bibi Rahmanova ŋu le gaxɔ me, gake nya si wotɔ ɖe eŋu alakpatɔe la gakpɔtɔ li. Le gbe ma gbe ŋdi la, Dashoguz Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea gbugbɔ drɔ̃ eƒe nyaa. Togbɔ be ʋɔnudrɔ̃ƒea megblɔ be Bibi ɖi fɔ o hã la, wote fli ɖe afia si wotso nɛ be wòanɔ gaxɔ me ƒe enea la me, eye woɖe gbe be woaɖe asi le eŋu enumake, gake ablɔɖe aɖeke manɔ esi o. * Ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ te ɖe nanewo dzi kpɔ nyaa me na Bibi. Wogblɔ be esi wònye nyɔnu, wòganye vidada si si ƒe-ene-vi le, eye mewɔ nu vlo aɖeke kpɔ o tae woɖe asi le eŋu ɖo.

Bibi bia be ʋɔnudrɔ̃ƒea nagbugbɔ yeƒe nyaa adrɔ̃ na ye esi wonɔ te ɖe alakpanyawo dzi bu fɔe le August 18 be “edze kpovitɔ aɖe dzi” eye “wòwɔ akpasesẽnu ɖe eŋu” megbe. Kpovitɔwo lé Bibi kple srɔ̃a, Vepa, le July 5 dzi le ketekedzeƒe aɖe le Dashoguz eye woxɔ woƒe mɔzɔkplo si me mawusubɔsubɔgbalẽ aɖewo le la le wo si. Wotsɔ nya ɖe Vepa ŋu, gake woɖe asi le nyaa ŋu emegbe. Gake wode Bibi ya mɔ́ le August 8 dzi. Esi wònɔ gaxɔa me la, wowɔ ŋlɔmi le eŋu vevie.

Wode Dzesi Madzɔmadzɔnyenye Siwo Yi Edzi Le Turkmenistan

Bibi ƒe senyala si tso duta gblɔ be anɔ eme be ale si xexea katã di dzɔdzɔenyenye le nya sia me hã le eme tae woɖe asi le eŋu le gaxɔa me ɖo.

Menye esiae nye zi gbãtɔ wowɔ nu ɖe Yehowa Ðasefo aɖe ŋu alea le Turkmenistan o. Wotua afɔkpo Ðasefowo ƒe amegbetɔ ƒe gomenɔamesi veviwo enuenu. Ðasefo enyi le mɔ́ me ɖe woƒe xɔse ta—wo dometɔ ade nye ame siwo gbe be yewomade nu dunyahehe me o, eye eve nye ame siwo nu wotso alakpatɔe. Wotoa nɔnɔme sesẽ me eye wowɔa ŋlɔmi le wo ŋu zi geɖe.

Dashoguz Nutome Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo dze na kafukafu ɖe ale si wova trɔ asi le Bibi ƒe nyaa ŋu ta. Gake ɖeko womeɖɔ madzɔmadzɔnyenye si yi edzi la ya ɖo o. Ame siwo de dzesii be ele vevie be woade asixɔxɔ bubu si amegbetɔ dzena la ŋu le mɔ kpɔm be Turkmenistan ƒe dziɖuɖumegãwo agbugbɔ ŋku alé ɖe nya bliboa ŋu eye woazã amegbetɔ ƒe gomenɔamesi ƒe se siwo dzi woda asi ɖo le xexea me godoo atsɔ ana subɔsubɔ ƒe ablɔɖe amewo le woƒe dukɔa me.

^ mm. 2 Nutome ʋɔnudrɔ̃ƒea te fli ɖe Bibi ƒe gaxɔmenɔnɔ ƒe ene la me, gake mena ablɔɖee o hena ƒe ene; esia bia be wòalé ŋku ɖe eŋu hena ƒe etɔ̃. Le ɣeyiɣi siawo me la, ele be wòanɔ agbe nyui eye mekpɔ mɔado alo aʋu le du si me wòle la me o negbe ɖe wòxɔ mɔɖeɖe le setɔwo gbɔ ko.