Dzo kpo yi emenuwo dzi

AUGUST (DASIAMIME) 27, 2014
TURKMENISTAN

Wolé Nyɔnu Aɖe Si Si Ƒe-ene-vi Le La Tu Madzemadzee Le Turkmenistan

Wolé Nyɔnu Aɖe Si Si Ƒe-ene-vi Le La Tu Madzemadzee Le Turkmenistan

Le xɔ aɖe si wotsɔ wɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe le Dashoguz le Turkmenistan me la, Ʋɔnudrɔ̃la Gagysyz Orazmuradov nɔ te ɖe alakpanya aɖewo dzi bu fɔ Bibi Rahmanova si nye nyɔnu aɖe si xɔ ƒe 33 eye wòbia be woalée tu. Le August (Dasiamime) 18 dzi la, wotsɔ nya ɖe Bibi, vidada sia si si ƒe-ene-vi aɖe le la ŋu be “edze kpovitɔ aɖe dzi” eye “wòwɔ akpasesẽnu ɖe eŋu.” * Ʋɔnudrɔ̃la bia be woahe to nɛ vevie​—anɔ ga me le gaxɔ sesẽtɔ me, afi si wokplɔa nu vlo wɔlawo yina la, ƒe ene sɔŋ.

Wolée Sesẽe Le Ketekedzeƒe

Bibi ƒe tukaɖa dze egɔme le July (Siamlɔm) 5, 2014 ƒe fiẽ me esime eya kple srɔ̃a Vepa Tuvakov kpakple wo viŋutsuvia yi ketekedzeƒe le Dashoguz be yewoaɖaxɔ mawusubɔsubɔgbalẽwo kple nu bubu aɖewo siwo wo xɔlɔ̃ aɖe si le Ashgabad ɖo ɖe wo. Esi Tuvakov ƒomea xɔ akplo siwo me nuawo le vɔ ko la, ŋutsu kpovitɔ ade siwo mele kpovitɔwo ƒe awu me o la bia tso wo si be yewoakpɔ nu siwo le akploawo me. Esi kpovitɔawo kpɔ atadzikɔmpiuta kple Yehowa Ðasefowo ƒe mawusubɔsubɔgbalẽwo le akploawo me la, wote ɣlidodo ɖe wo ta henɔ wo dzum, eye wodo ŋɔdzi na wo be wo via azu tsyɔ̃evi.

Bibi de asi woƒe nuwɔnawo léle ɖe eƒe asitelefon dzi me, eye wòtsɔe ɣla ɖe eƒe awu me esi kpovitɔawo di be yewoaxɔe le esi. Kpovitɔawo lé eƒe ɖa, tu afɔkpoe eye wolé eƒe asiwo goŋgoŋ. Esi wɔna aɖeke megale eŋu o la, kpovitɔ ɖeka kɔ eƒe awu legbe la dzi lé teƒeteƒewo nɛ hafi ɖe asitelefon la le eŋu. Bibi ʋli be wòadzudzɔ nu ma wɔwɔ ɖe ye ŋu gake mewɔ avu kple kpovitɔ la alo dze edzi.

Bibi kple Vepa kpakple wo via

Emegbe kpovitɔawo kplɔ Tuvakov ƒomea yi woƒe dɔwɔƒe. Kpovitɔawo bia tso Bibi srɔ̃ Vepa si be wòade asi agbalẽ aɖe si woŋlɔ da ɖi xoxo la te. Egbe. Kpovitɔwo ƒoe enu enuenu. Ɣemaɣi la, Bibi kple via le xɔ bubu me. Vepa gagbe kokoko be yemade asi agbalẽa te o. Bibi hã gbe be yemade asi agbalẽa te o eye woƒo eya hã. Bibi kple via wotsi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒea ŋu ke hafi woɖe asi le wo ŋu. * Esi Bibi tsɔ nya la yi Turkmenistan setɔwo gbɔ la, woɖe asi le Vepa ŋu le ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe le July 11 dzi. Gake esia mena vɔvɔ̃ ɖo Dashoguz Dua Ƒe Kpovidɔwɔƒea kura o, ɖeko wòte nyagɔmekuku tso Bibi kple srɔ̃a ŋu be wonye nu vlo wɔlawo.

Bibi Léle Tu Kple Ʋɔnudɔdrɔ̃e

Wotsɔ nya ɖe Bibi ŋu le August 6 dzi, wotui ɖe gaxɔ aɖe me le August 8 dzi, eye wodrɔ̃ ʋɔnui le August 18 dzi. Le nyadrɔ̃ɣia la, Ʋɔnudrɔ̃la Orazmuradov ƒe nuwɔna ɖee fia kɔtɛe be ele nya gɔglɔ̃ hem. Etso nya le senyala si le Bibi ta ʋlim la nu enuenu. Esi kpovitɔawo va nɔ alakpanyawo gblɔm la, ʋɔnudrɔ̃la meɖe mɔ na senyala si le Bibi ta ʋlim la bia nya wo o. Ʋɔnudrɔ̃laa tso nya le Vepa nu esi wòdi be yeagblɔ nu manyomanyo siwo kpovitɔawo wɔ ɖe Bibi ŋu eye melɔ̃ hã be yease nya siwo wòlé ɖe asitelefon la dzi o. Ʋɔnudrɔ̃la bu fɔ Bibi eye wòka ƒe ene nɛ be wòanɔ ga me.

Bibi aŋlɔ nu le August 28 dzi atsɔ abia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye, gake hafi ɣemaɣi naɖo la, wotui ɖe gakpɔ si woyɔna be DZD-7 me. Ne wogbe be yewomagbugbɔ nyaa adrɔ̃ nɛ o la, woakplɔe ayi gakpɔ siwo me nɔnɔmeawo dzi ŋɔ ŋutɔ le me abe esi le gakpɔ si le gbedadaƒo le Seydi ene. Esia awɔe be woaxɔ eƒe ablɔɖe le esi, eye woaxɔ via suea dzi kpɔkpɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ hã le esi evɔ ɣeyiɣi sia mee ɖevia hiãe wu.

Togbɔ be wometsɔ nya ɖe Vepa ŋu tẽe o hã la, anɔ eme godoo be woava tso enu alakpatɔe, adrɔ̃ ʋɔnui ahadee mɔ́. Ne esia dzɔ la, ke efia be ɖevia magakpɔ tɔa kple nɔa siaa o. Susu aɖeke meli si tae woanɔ nu madzɔmadzɔ siawo wɔm ɖe wo ŋu o.

Wole Koko Ƒom Na Dziɖuɖua Be Wòana Woadrɔ̃ Nya Dzɔdzɔe

Wonya Turkmenistan dziɖuɖua be esẽa ŋuta le Yehowa Ðasefowo ŋu eye meɖea mɔ na wo be woawɔ amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi siwo wodze na la ŋu dɔ o. Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo kple ame bubu siwo dea bubu amegbetɔ ƒe dzenawo kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ŋu la le mɔ kpɔm be Turkmenistan dziɖuɖua atsi nu manyomanyo siawo nu.

^ mm. 2 To si wohena na ame siwo he wɔ akpasesẽnu kple setɔwo lae nye be woléa wo dea ga ƒe atɔ̃ sɔŋ.

^ mm. 6 Woɖe asi le ɖevia ŋu na woƒe ƒometɔ aɖe le July 6 ƒe ŋdi; eye wova ɖe asi le Bibi ŋu gbe ma gbe.