Dzo kpo yi emenuwo dzi

Merdan Amanov kple Pavel Paymov

NOVEMBER 13, 2014
TURKMENISTAN

Turkmenistan Ðe Asi Le Yehowa Ðasefo Siwo Wode Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta La Ŋu

Turkmenistan Ðe Asi Le Yehowa Ðasefo Siwo Wode Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta La Ŋu

Nukutɔe la, Dukplɔla Gurbanguly Berdimuhamedov xɔ nya ɖe Yehowa Ðasefo enyi aɖewo siwo wolé de ga ɖe woƒe xɔse ta la nu. Woɖe asi le woawo kple gamenɔla bubuwo ŋu le October 22, 2014 dzi. Wolé Ðasefo siawo dometɔ ade de ga le esi wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta la ta, eye wokpa nya ɖe ame eve susɔeawo ŋu le woƒe mawusubɔsubɔdɔwo wɔwɔ ta.

Foto etametɔ (tso miame yi ɖusime): Aibek Salayev, Matkarim Aminov kple Bahram Shamuradov

Wolé Ðekakpui siawo siwo gbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta, siwo xɔ tso ƒe 18 va se ɖe ƒe 23, de ga le Seydi Dɔ Sesẽ Wɔƒe le Turkmenistan ƒe dzogbe aɖe. Wolé Merdan Amanov, Pavel Paymov, Suhrab Rahmanberdyyev kple Amirlan Tolkachev de asrafowo ƒe asaɖamegaxɔ me. Matkarim Aminov kple Dovran Matyakubov (medze le fotoa me o) le asaɖa si me wosẽa ŋuta le wu me, elabe wobu wo be wonye “sedzidala sẽtowo.” Wowɔ fu sɔhɛ siawo le gaxɔ me ŋutɔ eye wonɔ nɔnɔme madeamedziwo me.

Ðasefo eve siwo ŋuti wotsɔ alakpanyawo ɖo la dometɔ si nye Aibek Salayev xɔ ƒe 35 eye ame evelia si ŋkɔe nye Bahram Shamuradov hã xɔ ƒe 42. Wotu woawo hã ɖe asrafowo ƒe asaɖamegaxɔ me le Seydi. Wobe woanɔ ga me ƒe ene ɖe woƒe mawudzixɔse kple subɔsubɔdɔwɔnawo ta. Wolé wo de ga madzemadzee eye wosẽ ŋuta le wo ŋu vevie le gaxɔa me.

Amirlan Tolkachev kple Suhrab Rahmanberdyyev

Ðasefo ɖeka si ŋkɔe nye Ruslan Narkuliev koe gakpɔtɔ le ga me le Turkmenistan. Wolée de ga ɖe asrafodɔgbegbe le dzitsinya ta kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko do ŋgɔ na dukplɔla ƒe nyaxɔxɔ ɖe gamenɔlawo nu, eye anɔ eme be eƒe ŋkɔ mele Dukplɔlaa ƒe Dɔwɔƒea ƒe nuŋlɔɖiwo me o. Senyala siwo ʋlia eta tsɔ nya sia yi ɖe Turkmenistan dziɖuɖumegãwo gbɔ ale be woate ŋu aɖe asi le eŋu.

Dukplɔla Berdimuhamedov ɖe afɔ vevi si dze na kafukafu eye wònye nyametsotso vevi aɖe si wòwɔ esi wòxɔ nya ɖe ame enyi siawo siwo wolé de ga ɖe woƒe xɔse ta la nu. Ame siwo mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe nɔa vevie na la xɔe se be esia anya nye dzesi be tɔtrɔ nyui aɖe gbɔna Turkmenistan, tɔtrɔ si aɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo be woanɔ agbe ɖe woƒe dzitsinya nu evɔ womati wo yome alo alé wo de ga ɖe esia ta o.