Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE 8, 2015
UKRAINE

Ukraine Ʋɔnudrɔ̃ƒewo Da Asi Ðe Asrafodɔgbegbe Le Dzitsinya Ta Dzi Le Ameyɔyɔ Hena Asrafodɔwɔwɔ Le Aʋawɔɣi

Ukraine Ʋɔnudrɔ̃ƒewo Da Asi Ðe Asrafodɔgbegbe Le Dzitsinya Ta Dzi Le Ameyɔyɔ Hena Asrafodɔwɔwɔ Le Aʋawɔɣi

Esi zi tɔ le Ukraine ƒe ɣedzeƒenutowo me eye wòva zu dukɔmeviʋa la, dukplɔla de ameyɔyɔ hena asrafodɔwɔwɔ ƒe ɖoɖo aɖe to me le ƒe 2014 ƒe dzomeŋɔli. Esi woyɔ amewo be woava asrafowo ƒe dɔwɔƒe la, Vitaliy Shalaiko, si nye asrafo kpɔ le Ukraine-ʋakɔa me hafi va zu Yehowa Ðasefo la wɔ ɖe sedede ma dzi heyii. Esi aƒetɔ Shalaiko yi ɖe Asrafodɔwɔƒe si le woƒe nutoa me la, egblɔ na wo be yemate ŋu awɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta, gake yealɔ̃ faa awɔ dukɔmevidɔ bubu siwo manye asrafodɔ o.

Asrafodɔwɔƒea meda asi ɖe edzi be gome le aƒetɔ Shalaiko si be wòate ŋu agbe asrafodɔwɔwɔ le dzitsinya ta o, eye wotsɔ nya ɖe eŋu be enye nu vlo wɔla elabena ele sisim le asrafodɔ nu le aʋawɔɣi. Le dukɔmeviʋa si le edzi yim le Ukraine fifi laa me la, esiae nye zi gbãtɔ wotsɔ nya ɖe ame aɖe ŋu esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o le eƒe mawudzixɔsewo ta.

Esi aƒetɔ Shalaiko nye asrafo kpɔ ta la, ese nu si tae dziɖuɖua tsi dzi ɖe eƒe dukɔa kple dukɔmeviwo ta kpɔkpɔ ŋu la gɔme nyuie. Ke hã, aƒetɔ Shalaiko tsɔ asrafodɔwɔwɔa sɔ kple Biblia me sedede si nye be “mitsɔ nu siwo nye Kaisaro tɔ la na Kaisaro, eye mitsɔ nu siwo nye Mawu tɔ la na Mawu.” * Esi wònye be subɔla Kristotɔe wònye ta la, ekpɔe be ele be yeade bubu amegbetɔwo ƒe agbe ŋu eye yealɔ̃ amewo katã ɣesiaɣi. *

Le Nyadrɔ̃ɣi: Ðe Dukɔmevidɔ Bubuwo Wɔwɔ Ðe Asrafodɔ Teƒe Nye Sisi Le Asrafodɔ Nua?

Le November 13, 2014 dzi la, wodrɔ̃ nya si wotsɔ ɖe aƒetɔ Shalaiko ŋu be enye nu vlo wɔla esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o la le Novomoskovsk Nutomeʋɔnudrɔ̃ƒe si le Dnipropetrovsk nutoa me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea de dzesii be aƒetɔ sia mesi le asrafomegãwo nu o, ke boŋ elɔ̃ faa yi ɖe asrafodɔwɔƒea. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be gome le aƒetɔ Shalaiko “si be wòabia be yeawɔ dɔ bubu ɖe asrafodɔ teƒe, esia lɔ asrafowo yɔyɔ le aʋawɔɣi hã ɖe eme, elabena ele subɔsubɔha aɖe si ƒe nufiafiawo meɖe mɔ be woazã aʋawɔnuwo o la me.”

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea ɖo kpe edzi be gome le aƒetɔ Shalaiko si be wòawɔ dɔ bubu ɖe asrafodɔ teƒe “abe ale si wòle le Ukraine ƒe Dukplɔsea me ene.” Eye wògagblɔ kpee hã be Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha * kple Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe nyametsotsowo kpɔ mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta. Ʋɔnudrɔ̃laa tso nyaa me be aƒetɔ Shalaiko meɖi sisi le asrafodɔ nu ƒe fɔ o. Gake ʋɔnudrɔ̃la amesamala bia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃.

Le Nyagbugbɔdrɔ̃ɣia: Ðe Amewo Mekpɔ Mɔ Awɔ Woƒe Dzitsinya Ŋu Dɔ Le Ameyɔyɔ Na Asrafodɔ Le Aʋawɔɣi Oa?

Le nyagbugbɔdrɔ̃ɣia la, amesamalaa gblɔ be ne eva hiã be woawɔ ɖe se si le dukplɔsea me be woaʋli dukɔa ta dzi la, mawusɔbɔsubɔ ƒe ablɔɖe kple dukɔmevidɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafodɔ teƒe ƒe gomenɔamesiwo megawɔa dɔ o. Egblɔ be Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoawo meku ɖe asrafowo yɔyɔ le aʋawɔɣi ŋu o.

Le February 26, 2015 dzi la, Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe si le Dnipropetrovsk nutoa me tso nya me be “asrafodɔgbegbe le dzitsinya ta le ameyɔyɔ hena aʋawɔɣi menye sisi le ameyɔyɔ hena asrafodɔ nu madzemadzee o.” Ʋɔnudrɔ̃ƒea nɔ te ɖe aƒetɔ Shalaiko ƒe mawudzixɔsewo kple nya si Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be “Europa ƒe Ðoɖowɔha ƒe ɖoɖo 9 lia kpɔ mawudzixɔse siawo ta,” eye esia lɔ susuɖeɖegblɔ, dzitsinya kple mawusubɔsubɔ ƒe ablɔɖe ɖe eme la dzi tso nya me le nya sia ŋu.

Nyagbugbɔdrɔ̃ƒea gblɔ hã be Europa Ðoɖowɔha ƒe ɖoɖo 9 lia * meɖe mɔ be “Woaxe mɔ ɖe gomenɔamesi siawo ŋu dɔwɔwɔ nu . . . le dzitsitsi ɖe dukɔa ƒe dedienɔnɔ ŋu ta o.” Ʋɔnudrɔ̃lawo gblɔ be “womate ŋu axe mɔ ɖe asrafodɔgbegbe le dzitsinya ta nu le dukɔa ƒe dedienɔnɔ ta o.” Eye woƒo nya ta be Ukraine ƒe se si ku ɖe dukɔmevidɔ bubuwo wɔwɔ ɖe asrafodɔwɔwɔ teƒe ŋu la lɔ ameyɔyɔ hena asrafodɔwɔwɔ le aʋawɔɣi hã ɖe eme. Nyagbugbɔdrɔ̃ƒea ɖo kpe ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ ƒe nyametsotsoa dzi eye wòtso nya me be aƒetɔ Vitaliy Shalaiko meɖi fɔ o.

Menye Nu Vlo Wɔwɔe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋu Dɔwɔwɔ Nye O

Ʋɔnudrɔ̃ƒe kple nyagbugbɔdrɔ̃ƒe siwo le Ukraine ƒe ɣedzeƒenutowo me da asi ɖe gome si le amewo si be woagbe asrafodɔwɔwɔ le dzitsinya ta ahabia be woana dukɔmevidɔ bubuwo yewo la dzi eye woƒo nya ta be esia lɔ ɣeyiɣi siwo me ŋkubiãnyawo dze ŋgɔ dukɔa gɔ̃ hã ɖe eme. Ale si wotso nya me le aƒetɔ Shalaiko ƒe nyaa gome la wɔ ɖeka kple ale si xexemedukɔwo le bubu dem amegbetɔwo ƒe gomenɔamesi vevi si nye asrafodɔgbegbe le dzitsinya ta ŋu. *

Ke hã amesamalaa gatsɔ nya siwo wògblɔ le nyagbugbɔdrɔ̃ƒea gake meɖu dzi o la ke yi Ukraine ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Tɔxɛ Si Kpɔa Dukɔmeviwo Kple Nu Vlo Wɔwɔ Ƒe Nyawo Gbɔ la be wòagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye. Le April 30, 2015 dzi la, ame si nɔa aƒetɔ Shalaiko teƒe le senyawo me ŋlɔ nu na ʋɔnudrɔ̃ƒe tɔxɛ sia be wòagbe amesamalaa ƒe nyawo.

Aƒetɔ Vitaliy Shalaiko nye Yehowa Ðasefo akpe geɖe siwo woyɔ hena asrafodɔ la dometɔ ɖeka. Wowɔ ɖe ameyɔyɔa dzi bubutɔe, gake wobia be woana dukɔmevidɔ bubu siwo matsi tre ɖe yewoƒe mawudzixɔse siwo nɔa vevie na yewo ŋu o la yewo. Wolɔ̃ ɖe Ðasefo akpa gãtɔ ƒe biabia dzi na wo, negbe wo dometɔ ʋɛ aɖewo ko ŋu wotsɔ nya ɖo. Ekpo ɖe Ukraine ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ la gbɔ azɔ be wòaɖo kpe edzi be yewoƒe dukɔa ade bubu Ðasefowo ƒe didi be yewomawɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta la ŋu.

^ mm. 4 Kpɔ nyati si nye “Nu Ka Tae Mieyia Aʋa O?

^ mm. 7 Ukraine dziɖuɖua ɖo Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha me le ƒe 1997 me.

^ mm. 11 Nyagbugbɔdrɔ̃ƒea he susu yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyadɔdrɔ̃ siwo nye Yehowa Ðasefo Siwo Le Moscow Kple Ame Bubuwo Kpakple Russia kple Bayatan Kpakple Armenia la dzi.

^ mm. 13 Kpɔ Bayatyan Kple Armenia [GC], 23459/03, memama 98-111, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒe Ƒe 2011; ; Jeong et al. Kple Korea, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Nuŋlɔɖi CCPR/C/101D/1642-1741/2007 (24 March 2011) memema 7.2-7.4.