Dzo kpo yi emenuwo dzi

AUGUST (DASIAMIME) 28, 2015
UKRAINE

Ukraine Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Da Asi Ðe Asrafodɔgbegbe Le Dzitsinya Ta Le Aʋawɔɣi Dzi

Ukraine Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Da Asi Ðe Asrafodɔgbegbe Le Dzitsinya Ta Le Aʋawɔɣi Dzi

Ukraine ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ da asi ɖe edzi be gome le ame siwo gbea asrafodɔwɔwɔ le dzitsinya ta la si be woawɔ dɔ bubuwo ɖe asrafodɔ teƒe le zitɔɣi kple aʋawɔɣiwo gɔ̃ hã. Nyametsotso sia akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amegbetɔ ƒe gomenɔamesinyawo dzi le Ukraine kple duta siaa.

Wotso Vitaliy Shalaiko, si nye Yehowa Ðasefo la, nu be esi le asrafodɔ nu le aʋawɔɣi esi wòbia be woana yeawɔ dukɔmevidɔ bubu ɖe asrafodɔ teƒe. Ʋɔnudrɔ̃ƒea kple Nyagbugbɔdrɔ̃ƒea tso nya me be meɖi fɔ o, gake senyala amesamala tsɔ nyaa yi Ukraine Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Tɔxɛ Si Kpɔa Dukɔmeviwo Kple Nu Vlo Wɔwɔ Ƒe Nyawo Gbɔ be woagbugbɔe adrɔ̃ na ye. Le June (Masa) 23, 2015 dzi la, ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ gbe be yemagbugbɔ nyaa adrɔ̃ o, si na tɔtrɔ megale nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nyametsotsoa ŋu o.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ te gbe ɖe edzi be “ʋɔnudrɔ̃ƒea tɔ dzɔ le esi wòwɔ Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha ƒe ɖoɖowo kple Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe nyametsotsowo ŋu dɔ le nyaa dɔdrɔ̃ me ta.” Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ da asi ɖe edzi hã be esɔ be ʋɔnudrɔ̃ƒea zã Bayatyan Kple Armenia ƒe nyametsotsoa le nyaa dɔdrɔ̃ me. Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe Nyagbugbɔgadrɔ̃kɔmiti Gãtɔ ye tso nyaa me le nya sia ŋu le July (Siamlɔm) 7, 2011 dzi. Wotso nya me le nyadɔdrɔ̃ ɖedzesi ma me be Europa Ƒe Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ƒe Ðoɖowɔha ƒe Ðoɖo 9 lia kpɔ ame siwo gbe asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta le anukware me le woƒe mawudzixɔse ta la ta. Le Aƒetɔ Vitaliy Shalaiko ƒe nyaa gome la, Ukraine ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ na wòdze kɔtɛe be gome le amewo si be woagbe asrafodɔ le dzitsinya ta le aʋawɔɣiwo gɔ̃ hã, menye le ŋutifafaɣiwo ɖeɖe ko o. Ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ ƒe nyametsotsoe nye mamlɛa, eye womagabia be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ ake o.

Nyametsotso mamlɛtɔ sia na Aƒetɔ Shalaiko kpɔ gbɔdzɔe. Egblɔ be: “Mekpɔe be míaƒe dukɔa di vevie be yeakpɔ dukɔmeviwo ta le aʋawɔɣiwo. Togbɔ be nye dzitsinya maɖe mɔ nam be mawɔ asrafodɔ o hã la, melɔ̃ faa be mawɔ dukɔmevidɔ bubu ɖe asrafodɔ teƒe. Meda akpe be ʋɔnudrɔ̃ƒeawo kpɔe dzesii be nye subɔsubɔdzixɔse akuakua tae megbe be nyemawɔ asrafodɔ o ɖo.”

Nyametsotso Si Le Vi Ðem Na Ame Geɖe

Yehowa Ðasefo akpe geɖe siwo le Ukraine godoo dze ŋgɔ akpa aɖeke dzi mademade ƒe nyaa le aʋawɔɣiwo. Ame siwo ŋu wotsɔ nya ɖo be wonye nu vlo wɔlawo le esi wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o la ate ŋu akpɔ mɔ be ale si wodrɔ̃ aƒetɔ Vitaliy Shalaiko ƒe nyaa aɖe vi na yewo hã.

Aƒetɔ Vadim Karpov si nye aƒetɔ Shalaiko ƒe lɔya gblɔ be: “Ne míagblɔe kpuie ko la, ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ ɖe eme be esi wònye Yehowa Ðasefoe aƒetɔ Shalaiko nye ta la, womate ŋu abu fɔe le esi wògbe be yemawɔ asrafodɔ o. Eɖe dzesi ŋutɔ be togbɔ be aʋawɔwɔ kple zitɔtɔ na be Ukraine dukɔa me ma hã la, wona mawusubɔsubɔ kple dzitsinya ƒe ablɔɖe si dzi xexemedukɔwo da asi ɖo la dukɔa me viwo.”

Ukraine De Bubu Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋu Wònye Kpɔɖeŋu Na Dukɔ Bubuwo

Ukraine ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo da asi ɖe edzi be asrafodɔgbegbe le dzitsinya ta nye amegbetɔ ƒe gomenɔamesi vevi aɖe si ta wòle be woakpɔ eɖanye aʋawɔɣi hã. Menye sisi le asrafodɔgbegbe nu ɖokuitɔdiditɔe wònye o, eye esia wɔwɔ menye afɔku na dukɔa ƒe nyonyo kple dedienɔnɔ hã o. Esi ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ da asi ɖe dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe sueawo ƒe nyametsotsoawo dzi ta la, ede Ukraine dukɔa me viwo katã ƒe amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo dzi. Ukraine to esia me ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na dukɔ bubu siwo katã hea to na ame siwo gbea asrafo ƒe hehexɔxɔ le dzitsinya ta la.