Dzo kpo yi emenuwo dzi

FEBRUARY (DZODZE) 13, 2015
UKRAINE

Woxɔ Tadeaguƒewo Sesẽe Le Ukraine Ƒe Ɣedzeƒenutowo Me

Woxɔ Tadeaguƒewo Sesẽe Le Ukraine Ƒe Ɣedzeƒenutowo Me

Tso ɣeaɖeɣi va ɖo January (Dzove) 2015 me la, asrafohawo xɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata (tadeaguƒe) 14 sesẽe le Ukraine. Dukɔa ƒe ɣedzeƒenuto siwo nye Donetsk kple Luhansk mee nu siawo yi edzi le. Dukɔmeviʋawo le edzi yim le nuto siawo me ɣleti geɖewoe nye esia. Gbadagba siawo tɔ ŋku Yehowa Ðasefowo elabe womelɔ̃a woƒe nya gbɔ o, eye womedea bubu mawusubɔsubɔ kple takpekpe ƒe ablɔɖe si le wo si la hã ŋu o.

Ƒe 20 kple edzivɔe nye esia Yehowa Ðasefo siwo le Ukraine subɔna le ablɔɖe me. Aƒetɔ Vasyl Kobel, Yehowa Ðasefo aɖe si wɔa dɔ le woƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Lviv gblɔ be: “Tso gbe aɖe gbe kee míekpena le míaƒe tadeaguƒewo xlẽa Biblia hedoa gbe ɖa, eye míedzea agbagba be míaƒe nuwɔnawo nade míaƒe nutometɔwo dzi. Gake nyitsɔ laa la, aʋa si le edzi yim le dukɔa ƒe ɣedzeƒenutowo me tɔtɔ Ukrainetɔwo ƒe agbenɔnɔ kura. Eye mele Yehowa Ðasefowo hã kpam o; wole ŋutasẽnuwo wɔm le míawo hã mía ŋu.”

Aƒetɔ Kobel ƒo nu ɖe Yehowa Ðasefo 150,000 siwo le Ukraine la katã nu. Le ɣleti ʋɛ siwo va yi me la, Ðasefo akpe geɖewo si le nuto siwo me aʋawɔwɔa le edzi yim le la me. Gake Ðasefo 17,500 lɔƒo siwo kpɔtɔ le Donetsk kple Luhansk nutowo me la le agbagba dzem be yewoayi yewoƒe gbe sia gbe dɔwo dzi le aʋawɔwɔ dziŋɔ ma me. Esi wònye be woxɔ Ðasefoawo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo le wo si sesẽe ta la, tadeaguƒe megale wo dometɔ akpe geɖe si o. Esia ƒoe ɖe wo nu be woamimi ɖe woƒe haxɔsetɔwo ƒe aƒewo me awɔ woƒe kpekpewo. Eye esia na hã be Ðasefo aɖewo zɔa mɔ gaƒoƒo eve hafi tea ŋu yia woƒe kpekpewɔƒewo.

Fiaɖuƒe Akpatawo Xɔxɔ Sesẽe Kple Ŋkutɔtɔ Ðasefowo Le Woƒe Mawusubɔsubɔ Ta

Ðasefoawo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo xɔxɔ sesẽe menye nu dogoɖenunu kura o, ke boŋ ɖe woɖoe koŋ le ewɔm ɖe wo ŋu le woƒe mawusubɔsubɔ ta. Gbadagba siwo le woƒe tadeaguƒewo xɔm sesẽe ƒe amegã ɖeka ɖe woƒe tamesusu gblɔ be “yewoaɖe Yehowa Ðasefowo katã ɖa kpuie.” Elabena le eƒe susu nu la, Orthodɔks-ha koe woɖe mɔ na le nutoa me. Asrafomegã bubu gblɔ be, “Evɔ na Yehowa Ðasefowo gbidii.” Togbɔ be wole ŋɔdzi dom na Yehowa Ðasefowo hã la, woɖoe kplikpaa be yewoayi yewoƒe dɔwo dzi le Ukraine dukɔa me godoo.

Togbɔ be womewɔ nu vevi Ðasefo aɖeke esime wova xɔ akpatawo hã o la, Ðasefoawo ƒe dedienɔnɔ kple ablɔɖe si le wo si be woakpe kple woƒe haxɔsetɔwo hena tadedeagu la ɖo afɔku me. Gbe ɖeka la, gbadagbawo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe me le du si woyɔna be Horlivka me le Donetsk-nutoa me esime Ðasefoawo nɔ woƒe subɔsubɔwɔnawo wɔm, eye wodo vɔvɔ̃ na vavalawo. Vavala siawo dometɔ aɖewo nye amegãɖeɖiwo, nyagãɖeɖiwo kple ɖeviwo. Le nudzɔdzɔ bubu me la, esi Yehowa Ðasefowo va ɖo be yewoage ɖe yewoƒe Fiaɖuƒe Akpata me hena subɔsubɔwɔnawo wɔwɔ la, woƒe nu koe ku, elabena woɖɔli akpataa ƒe gametiwo eye gbadagbawo tsɔ teƒea wɔ wo nɔƒee.

Afɔ Siwo Woɖe Be Woakpɔ Nyaa Gbɔ

Aƒetɔ Kobel gblɔ be: “Míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Lviv do ka kple dudɔwɔƒe kple dziɖuɖumegã vovovowo hena nyanya wo tso akpatawo xɔxɔ sesẽe manɔsenu sia ŋu. Wona dziɖuɖua nya be nu siwo ame siwo xɔ akpata siawo sesẽe awɔ le akpata siawo me la mele yewoƒe ŋkɔ me o.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, alɔdzedɔwɔƒea fia mɔ ame siwo nye ŋgɔxɔlawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le Donetsk kple Luhansk nutoawo me me be woawɔ nu sia nu si ana Ðasefoawo nanɔ dedie. Woɖo ŋku edzi na ŋutsu siawo be amegbetɔ ƒe agbe le vevie wu akpatawo, eya ta womegawɔ naneke si ade Ðasefo aɖeke ƒe agbe afɔku me o.

Esi wònye be nutoa me mefa fifia o ta la, mɔnukpɔkpɔ aɖeke meli be Ðasefoawo natsɔ akpatawo xɔxɔ ƒe nya sia ayi ʋɔnudrɔ̃ƒe ale be woagbugbɔ woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo na wo o. Togbɔ be akpata siawo xɔxɔ na nɔnɔmea sesẽ na Ðasefoawo hã la, woɖoe kplikpaa be yewoayi yewoƒe mawusubɔsubɔdɔwo dzi tamanamanae. Wole mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me woagbugbɔ woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo na wo eye woagakpe kple woƒe haxɔsetɔwo le dedienɔnɔ me ahaɖe dzi ɖi.