Dzo kpo yi emenuwo dzi

Yometiti si le mía nɔviwo dzi vam le Donetsk kple Luhansk nutowo me le Ukraine ƒe ɣedzeƒe la gado gã ɖe edzi. Le May (Dame) 30, 2018 dzi la, woha Fiaɖuƒe Akpata aɖe, wogblẽ nu siwo le eme la dome, eye wotɔ dzoe.

OCTOBER (KELE) 15, 2018
UKRAINE

Woɖo Asi Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔwo Dzi Le “Donetsk People’s Republic”

Woɖo Asi Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔwo Dzi Le “Donetsk People’s Republic”

Le September (Anyɔnyɔ) 26, 2018 dzi la, dukɔ si nye “Donetsk People’s Republic” (DPR) la ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ bu fɔ Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa be enye “aglãdzeha,” si wɔe be woɖo asi míaƒe dɔwo dzi le dukɔ ma me. Senyala amesamala si tsɔ nya ɖe míaƒe habɔbɔa ŋu kple ʋɔnudrɔ̃lawo siaa meƒo nu kple Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖeke le nyaa drɔ̃ɣi o. Yehowa Ðasefowo yome titi le nuto ma me le gã dom ɖe edzi, eye asiɖoɖo wo dzi sia nye yometitia ŋuti nudzɔdzɔ si gado mo ɖa nyitsɔ laa.

Tso 2017 ƒe domedome lɔƒo la, nɔnɔmeawo gasesẽ ɖe edzi na mía nɔviwo le Donetsk kple Luhansk nutowo, siwo le Ukraine ƒe ɣedzeƒe la me esi dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be míaƒe agbalẽwo dea “aglãdzedze” dzi. Le ƒe ma me la, poliswo bia gbe Ðasefo 170 kple edzivɔ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, setɔ siwo le nuto mawo me la le Fiaɖuƒe Akpatawo xɔm ɖekaɖeka. Va se ɖe August (Dasiamime) 29, 2018 dzi la, woxɔ Fiaɖuƒe Akpata 16.

Togbɔ be wole tsitre tsim ɖe mía nɔviwo ŋu alea le nuto mawo me hã la, woyi edzi le ŋu ɖom ɖe ‘xɔname ƒe Mawu’ la ŋu.—Psalmo 18:46.