Dzo kpo yi emenuwo dzi

FEBRUARY 13, 2015
UKRAINE

Woxɔ Yehowa Ðasefowo Ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo Le Wo Si Le Ukraine Ƒe Nuto Siwo Nye Donetsk Kple Luhansk Me

Woxɔ Yehowa Ðasefowo Ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo Le Wo Si Le Ukraine Ƒe Nuto Siwo Nye Donetsk Kple Luhansk Me

Le Donetsk-nutoa Me

HORLIVKA—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le June 2014 ƒe nuwuwu la, gbadagba aɖewo va ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me, eye woɖɔli gametiawo. Wotsɔ akpataa wɔ wo nɔƒe.

Horlivka-du 75 Akademika Koroliova St.

HORLIVKA—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le July 5, 2014 dzi la, gbadagba aɖewo xɔ Fiaɖuƒe Akpata. Wotsɔe wɔ wo nɔƒe kple tudzraɖoƒe, gake wogblẽe ɖi dzo le September 2014 me. Ðasefoawo trɔ va Fiaɖuƒe Akpata me eye wogate woƒe subɔsubɔwɔnawo wɔwɔ le afi ma.

  • Le October 12, 2014 dzi, esime Ðasefowo nɔ woƒe subɔsubɔwɔnawo wɔm le woƒe Fiaɖuƒe Akpata me la, gbadagbawo va do ɖe wo dzi eye woɖe gbe na wo katã be woadzudzɔ wɔnaawo. Wogblɔ be Ortodɔks-ha ɖeka ko dzie woda asi ɖo le nutoa me, eye wogblɔ kpee be “yewoaɖe Yehowa Ðasefowo katã ɖa kpuie.” Gbadagba siawo tsɔ Fiaɖuƒe Akpataa wɔ wo nɔƒee.

Donetsk-du 10 Karamzina St.

DONETSK—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le August 13, 2014 dzi la, gbadagbawo va ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me eye wotsɔe wɔ wo nɔƒee.

  • Le August 19, 2014 dzi la, gbadagbawo fi haƒomɔ̃awo eye wogblẽ teƒea ɖi dzo. Ðasefoawo trɔ gbɔ va Fiaɖuƒe Akpata me eye wogate woƒe mawusubɔsubɔ ƒe kpekpewo wɔwɔ le eme.

  • Le October 18, 2014 dzi, le mawusubɔsubɔ ƒe kpekpe aɖe megbe la, Oplot-srafoha Enelia ƒe gbadagbawo va Fiaɖuƒe Akpata me eye wogblɔ na Ðasefoawo le akpataa me be yewoxɔ woƒe akpata le wo si.

  • Le November 18, 2014 dzi la, gbadagbawo bia tso Ðasefowo si be woade asi agbalẽ te be woƒe Fiaɖuƒe Akpata la zu Petrovskyi kple Kirovskyi Nutome ƒe Gbadagbamegã tɔ. Gbadagbawo tsɔ Fiaɖuƒe Akpataa wɔ wo nɔƒee.

Horlivka-du 4 Hertsena St.

HORLIVKA—Dukɔmevi gbɔlowo xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le September 30, 2014 dzi la, nutoa me televisiondɔwɔƒe aɖe bia gbe Fiaɖuƒe Akpata “sia tɔ yeyea” eye wògblɔ be yexɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe le Yehowa Ðasefowo si be yeatsɔ aɖo kɔdadasrɔ̃ƒe. Tso ƒe 2013 me la, wogblẽa nu le Fiaɖuƒe Akpata sia ŋu edziedzi eye wotɔ dzoe gɔ̃ hã. Zi mamlɛtɔ si wotɔ dzoe nye June 5, 2014 dzi.

DONETSK—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le October 26, 2014 dzi la, Donetsk Dukɔa ƒe Shakhtar-srafoha la ƒe gbadagbawo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me eye wotsɔe wɔ wo nɔƒee.

Zhdanivka-du 14 Komsomolska St

ZHDANIVKA—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le October 27, 2014 dzi la, gbadagba aɖewo ƒe amegã ɖe gbe na wo wova xɔ Fiaɖuƒe Akpata. Horlivka Asrafomegã Ƒe Kpeɖeŋutɔ gblɔ be Ortodɔks-ha ɖeka koe nye subɔsubɔha si woɖe mɔ na le nutoa me, eye subɔsubɔha kpɔtɔeawo katã mekpɔ mɔ o.

  • Le November 21, 2014 dzi la, asrafoha bubu aɖe ƒe amegã kple eƒe gbadagbawo va xɔ Fiaɖuƒe Akpataa, eye wògblɔ na Ðasefoawo be tso ekema dzi la, Fiaɖuƒe Akpata la zu ye teviwo tɔ.

Telmanove-kɔƒe 112 Pervomaiska St.

TELMANOVE—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le November 4, 2014 dzi la, gbadagbawo ge ɖe akpataa me eye woɖo gbadagbawo be woanɔ afi ma ŋu dzɔm.

  • Le December 11, 2014 dzi la, gbadagbaawo lɔ tuwo va kɔ ɖe akpataa me eye wotsɔ teƒea wɔ wo nɔƒee.

Makiivka-du 17 Pecherska St.

MAKIIVKA—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe eye wova gblẽe ɖi dzo emegbe.

  • Le November 5, 2014 dzi la, Rus-srafoha ƒe gbadagbawo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me. Woɖe gbe na Ðasefoawo be woatsɔ akpata ƒe safuiwo na yewo eye womegatrɔ va akpata me gbeɖe o. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, asrafomegã ƒe kpeɖeŋutɔ ɖe ʋuƒo si dzi woŋlɔ Fiaɖuƒe Akpataa ƒe ŋkɔ ɖo la ɖa hetsɔ asrafoha ƒe aflaga ɖo eteƒe.

  • Le November 26, 2014 dzi la, asrafoha la gblẽ teƒea ɖi dzo.

HORLIVKA—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe eye wova gblẽe ɖi dzo emegbe.

  • Le November 29, 2014 dzi la, gbadagbawo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me eye wogblɔ na Ðasefo siwo le akpata me be yewoxɔ akpata le wo si. Wo dometɔ ɖeka gblɔ na wo be Ortodɔks-ha ɖeka ko dzie Donetsk Dukɔa ƒe dziɖuɖua da asi ɖo le nutoa me. Woɖo dzɔlawo akpataa ŋu eye wode se na Ðasefoawo be womegava afi ma azɔ o. Le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi la, gbadagbawo gblẽ teƒea ɖi dzo.

Zuhres-du 1 Cherniakhovskoho St.

ZUHRES—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le December 20, 2014 me la, du la ƒe asrafomegã ɖe gbeƒã be yexɔ akpataa le Ðasefowo si. Eɖe gbe na Yehowa Ðasefowo be woatsɔ akpataa ƒe safuiwo na ye eye woƒe afɔ megaka afi ma azɔ o.

DONETSK—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le February 1, 2015 dzi la, gbadagbawo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me. Wobia tso Ðasefoawo si be woatsɔ Fiaɖuƒe Akpataa ƒe safuiwo na yewo eye woade asi agbalẽ te be Fiaɖuƒe Akpataa zu asrafoha nɔɖokuisia tɔ le aʋawɔɣia katã.

YENAKIEVE—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le March 3, 2015 dzi la, gbadagbawo bia tso Yehowa Ðasefowo si be woatsɔ Fiaɖuƒe Akpataa ƒe safuiwo na yewo ale be yewoatsɔ teƒea awɔ yewo nɔƒee.

Le Luhansk-nutoa Me

Antratsyt-du 4 Komunarska St.

ANTRATSYT—Dukɔmevi gbɔlowo xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Zi eve sɔŋ le September 2014 me la, ame manyamanya aɖewo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpataa me. Wofi haƒomɔ̃wo eye woŋlɔ ɖe glia ŋu be, “Ortodɔks Kosakwo!”

  • Le September 25, 2014 dzi la, nutoa me televisiondɔwɔƒe aɖe ka nya ta be woxɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata hetsɔ wɔe abɔdzokposuku.

Rovenky-du 84-A Dzerzhynskoho St.

ROVENKY—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le September 23, 2014 dzi la, George Kɔkɔe Asrafoha ƒe gbadagbawo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me eye wode se na Yehowa Ðasefoawo be womegaka afɔ afi ma azɔ o. Wotsɔe wɔ wo nɔƒee.

PEREVALSK—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le November 5, 2014 dzi la, Asrafomegã ƒe kpeɖeŋutɔ kplɔ gbadagbawo ɖe asi woge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me eye wogblɔ na Ðasefo siwo le afi ma be yewoxɔ woƒe akpata le wo si atsɔ awɔ yewoƒe nuɖuƒee. Asrafomegã ƒe kpeɖeŋutɔa gblɔ be, “Míexɔe le Ðasefowo si gbidii.” Egblɔ na Ðasefoawo be womegakpɔ mɔ awɔ woƒe subɔsubɔdɔwo le nutoa me azɔ o.

Krasnyi Luch-du 37 Radianska St.

KRASNYI LUCH—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le December 5, 2014 dzi la, gbadagbawo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata me. Woɖo dzɔlawo akpata ŋu eye wotsɔ akpata ƒe xɔxɔnu wɔ woƒe ʋudaɖoƒe.

BRIANKA—Asrafoha nɔɖokuisi aɖe xɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe.

  • Le March 26, 2015 dzi la, gbadagbawo ge ɖe Fiaɖuƒe Akpata sia me. Wolɔ nu siwo katã le Fiaɖuƒe Akpata me la dzoe eye woɖɔlii ʋuƒo si dzi woŋlɔ akpataa ƒe ŋkɔ ɖo kple ʋuƒo bubu si dzi woŋlɔ ɖo be, “Ŋusẽkatãtɔ Don Host.”