Dzo kpo yi emenuwo dzi

UKRAINE

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Ukraine

Nu Ðedzesi Siwo Dzɔ Le Ukraine
  1. JUNE 23, 2015—Esime dziɖuɖua nɔ amewo kplɔm de asrafodɔ mea, Ukraine ƒe Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe Tɔxɛa ɖo kpe edzi be gome le ame si be wòagbe asrafodɔ ne eƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ o

    XLẼ EŊUNYA BUBUWO

  2. SEPTEMBER 26, 2012—Wote kpɔ be woaxɔ Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea madzemadzee, gake Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ meɖe mɔ ɖe eŋu o

  3. SEPTEMBER 1998—Ðasefowo tu alɔdzedɔwɔƒe yeye ɖe Lviv

  4. FEBRUARY 28, 1991—Wode Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa agbalẽ me le se nu

  5. SEPTEMBER 30, 1965—Soviet Union dziɖuɖua ƒe nyametsotso aɖe wɔe be woɖe asi le Ðasefo siwo katã woɖe aboyoe yi Siberia la ŋu

  6. APRIL 8, 1951—Dziɖuɖua ɖe aboyo Ðasefo 6,100 tso ɣetoɖoƒe Ukraine yi Siberia

  7. AUGUST 1949—Ðasefowo bia be woade yewoƒe habɔbɔa agbalẽ me le se nu, gake Soviet Union dziɖuɖua gbe

  8. ƑE 1939—Dziɖuɖu si kpɔ ŋusẽ ɖe Western Ukraine dzi ɣemaɣi la ti Ðasefowo yome vevie, elé wo de gaxɔ me, eye wòɖo asi woƒe dɔwo dzi

  9. ƑE 1926—Ðasefowo ɖo woƒe alɔdzedɔwɔƒe gbãtɔ ɖe Lviv

  10. ƑE 1911—Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo woƒo nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi la le Lviv