Dzo kpo yi emenuwo dzi

OCTOBER 4, 2012
UKRAINE

Nya Dzɔdzɔe Ðu Dzi Le Ukraine

Nya Dzɔdzɔe Ðu Dzi Le Ukraine

Le September 26, 2012 dzi la, Ukraine-dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tsi agbagba manɔsenu aɖe si dzem wole be woaɖo asi anyigba si dzi Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ukraine le la ƒe akpa gã aɖe dzi la nu.

Ðasefowo ƒle anyigbaa le se nu le ƒe 1998 me. Gake le ƒe 2008 me la, ame si si woƒle anyigba le la gadzra anyigba ma ke na Kamedededodo Ðe Ŋgɔ Ƒe Dɔwɔƒe. Woyɔa nu sia le Ukraine be amewo ƒe anyigbawo dzi dzedze.

Asitsaʋɔnudrɔ̃ƒe si le nutoa me tso nya me be anyigba si wogbugbɔ dzra na Kamedededodo Ðe Ŋgɔ Ƒe Dɔwɔƒea le se nu, eye esi Ðasefoawo bia be woagbugbɔ nya adrɔ̃ na yewo la, wogbe.

Gake nya dzɔdzɔe ɖu dzi mlɔeba. Le December 2011 me la, Asitsaʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ tso afia na Ðasefowo. Eye le April 2012 me la, ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe Kamedededodo Ðe Ŋgɔ Ƒe Dɔwɔƒea ƒe biabia be woagbugbɔ nya adrɔ̃ na yewo la. Esia ɖo kpe edzi be anyigba la nye Yehowa Ðasefowo tɔ le se nu. Le ɣleti etɔ̃ megbe la, asitsatsa ƒe nyagbugbɔdrɔ̃ƒe si le Lviv te fli ɖe nutomeʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe afia gbegblẽ tsotso si gblɔ be Kamedededodo Ðe Ŋgɔ Ƒe Dɔwɔƒea tɔe anyigbaa nye la me.

Kamedededodo Ðe Ŋgɔ Ƒe Dɔwɔƒea gadze agbagba mamlɛtɔ be yeaxɔ anyigba la. Etsɔ nya la yi Ukraine-dukɔa ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye. Gake le September 26 dzi la, wogbe woƒe biabia kaba ŋutɔ eye esia dze na kafukafu ŋutɔ. Ale woƒo nya la ta keŋkeŋ.

Ne ɖe wote ŋu xɔ anyigba sia le Yehowa Ðasefowo si akpasesẽtɔe la, woabu anyigba si dzi woƒe dɔwɔxɔ siwo teƒedzikpɔlawo zãna kple woƒe alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigba la ƒe akpa gã aɖe, eye esia ado kplamatsɛ Ukraine alɔdzedɔwɔƒea ƒe dɔwo ŋutɔ.