Dzo kpo yi emenuwo dzi

July (Siamlɔm) 6, 2015
UKRAINE

Yehowa Ðasefo Siwo Le Ukraine Ƒe Nuto Siwo Me Aʋa Le Edzi Yim Le Kpɔ Wɔna Tɔxɛ Aɖe To Videokadodowo Dzi

Yehowa Ðasefo Siwo Le Ukraine Ƒe Nuto Siwo Me Aʋa Le Edzi Yim Le Kpɔ Wɔna Tɔxɛ Aɖe To Videokadodowo Dzi

LVIV, Ukraine—Yehowa Ðasefo siwo le Ukraine wɔ kpekpe tɔxɛ aɖe le February (Dzodze) 14, 2015 ale be woatsɔ Biblia me nyawo ade dzi ƒo na woƒe hametɔ 17,000 kple edzivɔ siwo le Ukraine ƒe ɣedzeƒenuto si me wole aʋa wɔm le me. Wowɔ gaƒoƒo eve ƒe wɔna sia le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Lviv eye ame siwo le Ukraine ƒe ɣedzeƒenuto me kple dukɔa ƒe nuto bubuwo me kpɔ wɔna sia tẽe to videokadodowo dzi. Kpekpe sia va ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, elabe woda bɔmb wòva gblẽ nu ŋɔdzitɔe le ƒutadu si woyɔna be Mariupol la me le January (Dzove) 24, 2015 dzi, eye esia na be Ðasefowo ƒe aƒe 3 kple woƒe xɔ 58 dome gblẽ. Ðasefo ɖeka xɔ abi vevie le nudzɔdzɔ sia me, eye Ðasefo bubu si xɔ ƒe 16 pɛ ko la ƒe agbe tsi eme.

Hame geɖewo va kpe ta le Fiaɖuƒe Akpata me le Makiyivka si le nuto si me aʋaa le edzi yim le la me be woase wɔnaa me nyawo esime wɔnaa le edzi yim le Ukraine alɔdzedɔwɔƒea.

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe siwo le Russia kple Ukraine wɔ ɖoɖo lé wɔnaa bliboa heɖee na wo nɔvi siwo le Belarus kple Russia. Esia wɔe be Ðasefo 186,258 siwo le Belarus kple Russia hã kpɔ gome le wɔnaa me tsɔ kpe ɖe Ðasefo 150,841 siwo kpɔ gome le eme le Ukraine la ŋu. Ale Ðasefo siwo katã kpɔ gome le wɔnaa me ƒe agbɔsɔsɔ va nye 337,099.

Aƒetɔ Gustav Berki, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Ukraine, gblɔ be: “Míaƒe kpekpeɖeŋunadɔwo ŋuti nyatakakawo fa akɔ na mía nɔvi siwo le Ukraine ƒe nuto siwo me aʋa le edzi yim le la ŋutɔ. Eye ale si kpekpeɖeŋudɔwɔlawo le kpekpem ɖe mía xɔlɔ̃ siwo si aʋa yi Rostov-on-Don si le Russia ŋu la hã fa akɔ na ame ŋutɔ.”

Aƒetɔ Yaroslav Sivulskiy, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Russia, gblɔ be: “Wonya Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo be wonye ŋutifafamewo eye womedea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. Wohe susu yi Biblia me nya siwo tae womedea akpa aɖeke dzi o la hã dzi le kpekpe sia me. Eɖe nu si tae mímekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o, míeɖanye Russiatɔwo, Ukrainetɔwo alo dukɔ bubu me tɔwo o la hã me.”

Yehowa Ðasefo eve aɖewo siwo le Horlivka le Donetsk-nutoa me tsi agbe esime bɔmb va dze aƒe si me wonɔ la dzi.

Va se ɖe fifia la, Ukraine alɔdzedɔwɔƒea ɖo Kpekpeɖeŋunakɔmiti 14 be woakpɔ woƒe hametɔ siwo le nuto si me aʋaa le edzi yim le la ƒe hiahiãwo gbɔ. Kɔmiti siawo lɔ nuɖuɖu tɔn 149 kple awudodo tɔn 21 kple edzivɔwo yi na woƒe hametɔwo kple ame siwo menye Ðasefowo o siaa le nutoa me. Kɔmitiawo di mlɔƒe na aʋasila 7,600 kple edzivɔwo eye wole aƒe alo woƒe tadeaguƒe siwo woyɔna be Fiaɖuƒe Akpatawo la dometɔ siwo dome gblẽ la ɖɔm ɖo eye wole yeyewo hã tum. Le kpɔɖeŋu me, le ƒutadu si nye Mariupol me la, esi wodze dua dzi ƒe ŋkeke eve megbe pɛ la, Kpekpeɖeŋunakɔmitia wɔ ɖoɖo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 160 aɖewo te woƒe hametɔwo ƒe xɔ 34 siwo ŋu nu gblẽ le la ɖɔɖɔ ɖo.

Bɔmb gbã ʋutɔɖoƒe aɖe si tsiã ɖe Fiaɖuƒe Akpata nu le Mariupol (medze le fotoa me o).

Aƒetɔ Berki gaɖe nu me yi ŋgɔ ku ɖe ale si kpekpeɖeŋunadɔ siwo dzi kpɔm Ukraine alɔdzedɔwɔƒea le la te ŋu kpɔ amewo ƒe ŋutilãmenuhiahiã siwo hiã kpata la gbɔ na woe la ŋu. Egblɔ be: “Tsɔ kpe ɖe kpekpe tɔxɛ sia ŋu la, dzikpɔla mɔzɔlawo yi ɖakpɔa Yehowa Ðasefowo ƒe hatsotso 136 siwo le nuto si me aʋaa le edzi yim le me la ɖa. Abe ale si wònɔna le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me le xexea me godoo ene la, hamemetsitsi siwo le hame mawo me yi edzi le dzi dem ƒo na woƒe hametɔ siwo hiã tu hetsɔ Biblia le akɔ fam na wo.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Belarus: Pavel Yadlouski, tel. +375 17 292 93 78

Russia: Yaroslav Sivulskiy, tel. +7 812 702 2691

Ukraine: Gustav Berki, tel. +38 032 240 9323