Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER 21, 2014
UKRAINE

Nyatakaka Yeyewo: Yehowa Ðasefowo Na Kpekpeɖeŋu Ame Akpe Geɖe Siwo Si Aʋa Le Ukraine

Nyatakaka Yeyewo: Yehowa Ðasefowo Na Kpekpeɖeŋu Ame Akpe Geɖe Siwo Si Aʋa Le Ukraine

LVIV, Ukraine—Yehowa Ðasefowo yi edzi le kpekpem ɖe wo nɔvi siwo ŋu aʋa siwo dzɔ le Ukraine ƒe ɣedzeƒenuto me gblẽ nu le la ŋu.

Ðasefo abe 7,500 aɖewoe si aʋa, eye kpekpeɖeŋunakɔmiti adre siwo Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Lviv ɖo la le kpekpem ɖe ame siwo ade 4,000 ŋu. Ðasefo susɔeawo le woƒe ƒometɔwo kple wo nɔvi Ðasefo bubuwo gbɔ le Ukraine kple Russia. Kpekpeɖeŋunakɔmiti ade bubuwo le kpekpem ɖe Ðasefo siwo wu 17,500 ŋu le teƒe siwo wole aʋaa wɔm le.

Bɔmbwo wó gbã Ðasefowo ƒe aƒe geɖewo; wo dometɔ ɖekae nye esi le Semenivka kɔƒe le Donetsk nutoa me.

Lviv alɔdzedɔwɔƒea ka nya ta be Ðasefo ade ye ku tso esime aʋaa dze egɔme. Ðasefo aɖe si le Kramatorsk ku le June 17, 2014 dzi esime bɔmb aɖe wó le eƒe ʋu gbɔ. Bɔmb gawu Ðasefo atɔ̃ bubu siwo le du siwo nye Donetsk, Sloviansk, Rozkishne kple Luhansk hã me.

Alɔdzedɔwɔƒea le Ðasefoawo ƒe tadeaguƒewo kple woƒe aƒe siwo gbã la gbugbɔtudɔa hã dzi kpɔm.

Ðasefowo le aƒe aɖe si gbã le Sloviansk dua me ƒe xɔ gbãm.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Ukraine: Vasyl Kobel, tel. +38 032 240 9323