Dzo kpo yi emenuwo dzi

JULY 18, 2014
UKRAINE

Nyatakaka Ku Ðe Ðasefo Siwo Le Ukraine Kple Crimea Ŋu

Nyatakaka Ku Ðe Ðasefo Siwo Le Ukraine Kple Crimea Ŋu

LVIV, Ukraine​—Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ukraine ka nya ta be le June 17, 2014 dzi la, Ðasefo aɖe si le Ukraine ƒe ɣedzeƒedu si woyɔna be Kramatorsk me ku esi bɔmb aɖe wó le eƒe ʋu gbɔ. Yehowa Ðasefo bubu aɖeke meku o, eye nu vevi mewɔ ɖeke hã le dukɔmeviʋa si le edzi yim le dukɔa me ɣleti ʋɛ aɖewoe nye esia me o. Ke hã, Ðasefo alafa geɖewo ʋu le nuto siwo me dukɔmeviʋa le edzi yim le le Ukraine ƒe ɣedzeƒenuto me la me. Ame siwo ʋu le woƒe aƒewo me la yi ɖatsi woƒe haxɔsetɔwo gbɔ.

Togbɔ be aʋaa gakpɔtɔ le edzi yim hã la, Ðasefo siwo le Ukraine yi edzi le Biblia me gbedeasia gblɔm na wo haviwo. Tso June 2014 ƒe gɔmedzedze va se ɖe eƒe domedome la, Ðasefowo wɔ takpekpe gã geɖewo le ŋutifafa me le Ukraine ƒe ɣedzeƒenutoa me. Woƒo nuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi, eye wowɔ wɔwɔfia siwo ɖe ale si woawɔ ɖe Biblia me nyawo dzi le gbe sia gbe nuwɔnawo me fia hã. Ame 5,200 kple edzivɔe de takpekpe siawo. Ðasefoawo awɔ nutome gã takpekpe 40 le Ukraine kple Crimea, eye woaƒo nu tso nya si Biblia gblɔ tso ale si Mawu Fiaɖuƒea ahe ŋutifafa vae le etsɔme ŋu la ŋu. Wole mɔ kpɔm be ame 165,000 kple edzivɔwo ade wɔna siawo. Wokpɔ mɔ be wo dometɔ 7,500 adee le Crimea.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Ukraine: Vasyl Kobel, tel. +38 032 240 9323