Dzo kpo yi emenuwo dzi

AUGUST 15, 2019
UNITED STATES

Phoenix, United States—Ƒe 2019 “Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O”! Dukɔwo Dome Takpekpe

Phoenix, United States—Ƒe 2019 “Lɔlɔ̃ Nu Metsina Gbeɖe O”! Dukɔwo Dome Takpekpe
  • Ŋkeke Siwo Dzi Wowɔe Le: August 9-11, 2019

  • Teƒe Si Wowɔe Le: Chase Field le Phoenix, Arizona, United States

  • Gbe Si Me Wowɔe Le: Eŋlisigbe

  • Vavalawo Ƒe Agbɔsɔsɔ Gbogbotɔ: 40,237

  • Nyɔnyrɔxɔlawo Ƒe Xexlẽme: 352

  • Ame Siwo Tso Duta Ƒe Xexlẽme: 5,000

  • Alɔdzedɔwɔƒe Siwo Wokpe: Australasia, Britain, Canada, Central Europe, Chile, France, Greece, India, Italy, Korea, Micronesia, Scandinavia, Sri Lanka, Tahiti, Thailand, Trinidad and Tobago, Turkey

  • Nuteƒekpɔkpɔ: Steve Moore, si nye tatɔ kple amegã le dɔwɔƒe si woyɔna be Visit Phoenix, si wɔa ɖoɖo ɖe dzeƒewo ŋu na ame siwo adze amedzrodzeƒewo, modzakaɖeƒewo kple ame siwo ade takpekpewo ŋu le Phoenix ƒe nutoa me la gblɔ be: “Mewɔ dɔ sia ƒe geɖe, gake takpekpe sia ye nye esi ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo nyuie wu ɖe sia ɖe si teƒe mekpɔ kpɔ. Dzi dzɔm ŋutɔ be mewɔ dɔ kpli mi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, miedo ŋugbe be yewoadzra bɔlƒoƒea ɖo hafi adzo—ame bubuwo mewɔa esia o.”

 

Wole wòezɔ dom na vavala siwo tso duta la vividoɖeameŋutɔe le Sky Harbor International Airport le Phoenix

Phoenix nɔvi aɖewo le tsitre ɖe amedzrodzeƒe siwo vavalawo adze la dometɔ ɖeka ŋkume be yewoado wòezɔ na wo

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu alafa geɖewo tsɔ dzidzɔ gã aɖe le wòezɔ dom na vavala siwo va takpekpewɔƒea le Chase Field le Fiɖagbe ŋdi

Vavalawo le to ɖom esime takpekpea le edzi yim, wo dometɔ aɖewo dzra ɖo abe ale si wo detɔwo doa awui ene

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu 352 siwo xɔ nyɔnyrɔ la dometɔ eve

Nɔviŋutsu Samuel Herd, si nye Dɔdzikpɔha me tɔ, le nuƒo mamlɛa ƒom le Memleɖagbe

Vavala aɖewo le foto ɖem esime wole modzakaɖetsaɖiƒe aɖe

Mía nɔvi aɖewo le tasiaɖam dom, esia nye ale si nuwo yia edzii le du aɖe me le Amerika ƒe ɣetoɖoƒenutowo me le ƒe alafa 19-awo me la ƒe wɔwɔfia

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla siwo tso duta la va tɔ ɖe bɔlƒoƒea ƒe sɔgbea dzi le Kwasiɖagbe wɔnaa ƒe nuwuwu