Dzo kpo yi emenuwo dzi

NOVEMBER 19, 2019
UNITED STATES

Sukuvi Aɖe Ðe Tu Ðe Eƒe Sukuxɔmehatiwo Dzi Le California, Le United States

Sukuvi Aɖe Ðe Tu Ðe Eƒe Sukuxɔmehatiwo Dzi Le California, Le United States

Le November 14, 2019 dzi la, sukuvi aɖe ɖe tu ɖe eƒe sukuxɔmehatiwo dzi le Santa Clarita, le California. Ewu eƒe sukuhati eve hede abi sukuvi etɔ̃ bubu ŋu, eyome wòwu eɖokui.

Nublanuitɔe la, mía nɔvinyɔnu aɖe ƒe vi, si ŋkɔe nye Dominic Blackwell, hã nɔ ame siwo ku la dome. Ƒe 14 ye wòxɔ eye eya kple nɔa si ŋkɔe nye Nancy Blackwell wodea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo edziedzi. Dominic ku gblẽ edzilawo kple eyometɔ etɔ̃awo ɖi. Hamemetsitsi siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe haa me la zã Ŋɔŋlɔawo tsɔ le akɔ fam na eƒe ƒomea kple hamea me tɔwo hele dzi dem ƒo na wo.

Ete ɖe mía dzi vevie be nu wɔnublanui sia dzɔ. Míele mɔ kpɔm vevie na ɣeyiɣi si me Mawu “atutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa . . . , eye ku maganɔ anyi akpɔ o, konyifafa kple ɣlidodo kpakple vevesese hã maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.