Dzo kpo yi emenuwo dzi

Tsi ɖe ʋuwo le Ðasefowo ƒe ƒome aɖe ƒe aƒe me le Harlingen, Texas

JULY 10, 2019
UNITED STATES

Ya Sesẽ Kple Tsidzadza Gã Aɖe Gblẽ Nu Le Texas Ƒe Anyiehe

Ya Sesẽ Kple Tsidzadza Gã Aɖe Gblẽ Nu Le Texas Ƒe Anyiehe

Le June 24, 2019 dzi la, ya sesẽ aɖe kple tsidzadza gã aɖe gblẽ nu le Texas ƒe anyiehe vevie. Nyatakakawo ɖee fia be tsi ɖe aƒe alafa geɖewo eye ame 100 kple edzivɔwoe ʋu le wo nɔƒewo.

Togbɔ be gbeƒãɖela aɖeke medze afɔku o hã la, wo dometɔ 47 zu aƒemanɔsitɔwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ahom la gblẽ nu le mía nɔviwo ƒe aƒe 65 ŋu, eye xɔ aɖe si tsiã ɖe Fiaɖuƒe Akpata aɖe ŋu hã le eme.

Nutome sue dzikpɔlawo kple nutoa me hamemetsitsiwo yi vɛ le dzi dem ƒo na nɔvi siwo ŋu ahom la gblẽ nu le. Azɔ hã, Afɔku Ŋuti Kpekpeɖeŋunakɔmiti aɖe le ɖoɖo wɔm ɖe nuɖuɖu, tsi kple nudodowo mama kpakple afi si nɔviawo anɔ la ŋu. Wole aƒe siwo ŋu tsiɖɔɖɔa gblẽ nu le la me dzram ɖo hele wo ɖɔm ɖo, tsɔ kpe ɖe xɔ si tsiã ɖe Fiaɖuƒe Akpataa ŋu la hã ŋu.

Míayi edzi akpe ɖe mía nɔvi siwo le Texas ƒe anyiehe la ŋu, esi woyi edzi le ŋu ɖom ɖe Yehowa ŋu hele te nɔm ɖe nu siwo tsiɖɔɖɔa gblẽ la ŋu.—Yesaya 26:3, 4.