Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAY 13, 2014
UNITED STATES

Ahom Aɖe Gblẽ Nu Le Amerika Ƒe Titina Kple Eƒe Anyigbe

Ahom Aɖe Gblẽ Nu Le Amerika Ƒe Titina Kple Eƒe Anyigbe

Tso April 27, 2014 dzi la, ahom dziŋɔ aɖe tu le Amerika ƒe titina kple eƒe anyigbe. Ahom la gbã aƒewo eye woka nya ta be ame siwo wu 30 ƒe agbe tsi eme. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzɔdɔwɔƒe si le Amerika ka nya ta be Ðasefo aɖeke ƒe agbe metsi eme o, eye nu vevi mewɔ ɖeke hã o, gake nu gblẽ le woƒe aƒe adre ŋu. Eye nu gblẽ le Ðasefowo ƒe tadeaguƒe etɔ̃ hã ŋu. Ðasefowo ƒe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ƒe kɔmiti siwo le nutoa me le kpekpem ɖe ame siwo ŋu ahom la gblẽ nu le la ŋu.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000