Dzo kpo yi emenuwo dzi

APRIL 27, 2015
UNITED STATES

Dorothy Covington, Si Nye Dukɔmeviwo Ƒe Ablɔɖe Ta Ʋlila Hayden Covington Srɔ̃, Ku Le Eƒe Ƒe 92 Lia Xɔxɔ Me

Dorothy Covington, Si Nye Dukɔmeviwo Ƒe Ablɔɖe Ta Ʋlila Hayden Covington Srɔ̃, Ku Le Eƒe Ƒe 92 Lia Xɔxɔ Me

Dorothy Mae Sennett Covington, si ʋli Yehowa Ðasefowo ta vevie le ablɔɖe si dukɔmeviwo dze na ƒe nyawo me le ƒe 1940 va se ɖe ƒe 1950 me ku le March 14, 2015 dzi le eƒe ƒe 92 lia xɔxɔ me le Cincinnati si le Ohio.

Gomenɔamesisewo Ta Ʋiʋli Va Hiã Vevie

Le ƒe 1940 ƒe ƒeawo me la, Aƒenɔ Dorothy tsɔ eɖokui na be yeakpe ɖe senyala Victor Schmidt ŋu le senyawo gbɔ kpɔkpɔ me. Aƒetɔ Schmid nye Yehowa Ðasefo, eye wòʋlia dukɔmeviwo ƒe gomenɔamesi siwo wòle be woanɔ Ðasefowo si la ta vevie. Ɣemaɣi la, woti Yehowa Ðasefowo yome vevie le Amerika esime dulɔlɔ̃ nɔ gã dom ɖe edzi le ɣeyiɣi si me Xexemeʋa II nu nɔ sesẽm. Esi Ðasefoawo mede akpa aɖeke dzi le dunyawo me o eye wogbe be yewomaxɔ asrafo ƒe hehe o le dzitsinya ta ta la, wotsi wo yome. Agbalẽ aɖe (The Lustre of Our Country) gblɔ be: “Ðasefoawo yome titi tso ƒe 1941 va se ɖe ƒe 1943 mee nye fuléle subɔsubɔha si nu sẽ wu le ƒe alafa blaevelia me.”

Nu vlo wɔhawo nɔa Ðasefoawo dzi dzem henɔa wolém le Amerika-dukɔ bliboa me, Cincinnati si le Ohio ƒe nutoa me kple Indiana meto le eme o. Aƒetɔ Victor Schmidt zɔa mɔ yia nutoa ƒe teƒeteƒewo ɖaʋlia Yehowa Ðasefo siwo wode ga madzemadzee ta. Aƒenɔ Dorothy wɔa dɔ kple Victor Schmidt eye wòganɔa te ɖe nu vlo wɔlawo ƒe amedzidzedze nu dzinɔameƒotɔe le gbeƒãɖeɖedɔa me.

Aƒenɔ Dorothy meŋlɔa nane siwo dzɔ hafi amehawo va dze Ðasefowo dzi le Connersville si le Indiana la be gbeɖe o. Le ƒe 1940 me la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ drɔ̃ Minersville Sukuwo Dzi Kpɔƒe kple Gobitis ƒe nya la, eye wòbu fɔ Yehowa Ðasefowo. Le ŋkeke 17 pɛ le nyametsotso ma megbe la, kpovitɔwo ƒe amegã si le Connersville lé Ðasefo ade de ga eye wòtsɔ nya ɖe wo ŋu be wodo gu dukɔa ƒe aflaga esi wogbe be yewomado gbe na Amerika-dukɔa ƒe aflaga la o. Connersville, afi siae Victor Schmidt kple Hayden Covington ʋli Yehowa Ðasefowo ta le tso ƒe 1939 va se ɖe ƒe 1963 me, eye woʋli Yehowa Ðasefo eve aɖewo siwo hã nu wova tso alakpatɔe be wonye nugbeɖolawo la ta.

Victor Schmidt

Esi Aƒetɔ Covington gblɔ eƒe ametaʋlinya mamlɛtɔ vɔ la, edzo enumake yi ɖaɖo yameʋu yina nya bubu aɖe gbɔ kpɔ ge le Maine, gake Victor Schmidt kple srɔ̃a ya nɔ anyi kpɔ nyametsotsoa teƒe. Le nyametsotsoa megbe la, ameha siwo sɔ gbɔ taŋtaŋ la va dze wo dzi adãtɔe. Eye woƒo Victor, srɔ̃a kple ame bubuwo vevie, gake wote ŋu si le amehaawo nu.

Dorothy gblɔ le gbebiame aɖe me le kwasiɖa etɔ̃ do ŋgɔ na eƒe ku me be, ɣleti ewo pɛ le nyametsotso ma megbe la, wolé Ðasefo 75 hetso wo nu be wonye nugbeɖolawo. Dorothy gblɔ be: “Wolé mí Ðasefo geɖewo, eye ɣemaɣie woti mía yome kutɔkutɔe wu le Connersville.”

Hayden Covington, Victor Schmidt kple ame bubuwo yi edzi ʋli Yehowa Ðasefowo ƒe ablɔɖe ta. Covington kple Schmidt nɔ fɔ si wobu Ðasefowo le Connersville ƒe nyaa dzi ʋuu keke ɖeko ʋɔnudrɔ̃ƒea va te fli ɖe fɔbunya ma me, eye Covington kpe ɖe Schmidt ŋu wokpɔ nya bubuwo gbɔ le nutoa me. Esi Dorothy kpe ɖe Hayden ŋu wokpɔ senya geɖewo gbɔ la, wova zu xɔlɔ̃wo. Eye woɖe wo nɔewo le ƒe 1949 me.

Le Ðasefowo Ƒe Dɔwɔƒegãa

Dorothy kple Hayden Covington

Dorothy ʋu yi New York be yeakpe asi ɖe Hayden ŋu le dɔ gbogbo siwo wɔm wòle le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York la wɔwɔ me. Eyi edzi nɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm esime Hayden ya nɔ senya geɖewo gbɔ kpɔm. Wonya Covington be enye dukplɔsea ta ʋlila bibitɔwo dometɔ ɖeka le eƒe ɣeyiɣia me, eye wòʋli senya siwo ku ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le ablɔɖe si dukɔmeviwo dze na ƒe nya alafa geɖewo me tamanamanae. Eʋli senya 40 kple edzivɔ le Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ eye wòʋli senya 100 kple edzivɔwo le dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo.

Aƒenɔ Dorothy kplɔa Aƒetɔ Hayden ɖo woyia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ va ʋlia Yehowa Ðasefo siwo le Amerika-dukɔa me godoo ta. Egblɔ be: “Hayden ʋlia ablɔɖe siwo amewo bua nu tsɛ ɣeaɖewoɣi la ta. Mekpɔe be enyo ŋutɔ be etsɔ eƒe agbe ɖo anyi hekpe ɖe ame siwo hiã ablɔɖe ŋu le Amerika-dukɔa me godoo kple teƒe bubuwo hã.”

Eƒe Ƒomea kple Gbeƒãɖeɖedɔa

Le ƒe 1959 me la, Aƒenɔ Dorothy kple Aƒetɔ Hayden dzi nyɔnuvi si wotsɔ ŋkɔ na be Lynn. Eye le ƒe etɔ̃ megbe la, wodzi ŋutsuvi si wotsɔ ŋkɔ na be Lane. Ƒomea va ʋu le New York trɔ yi Ohio le ƒe 1972 me. Esi ɖeviawo nɔ tsitsim la, Dorothy fiaa Biblia wo eye mefena kple gbeƒãɖeɖedɔa hã o.

Hayden ku le November 21, 1978 dzi. Dorothy gadze eƒe dɔwɔɖui si nye agbalẽtamɔ̃ ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo ɖoɖo na nyadzɔdzɔgbalẽtaƒe vovovo siwo dometɔ ɖekae nye The Cincinnati Enquirer la gɔme. Agbalẽtamɔ̃ si nye Linotype zazã tea ɖeɖi ame ŋu ŋutɔ, eye wobui gɔ̃ hã be “ŋutsuwo ƒe dɔe,” elabena nuŋlɔkpevi siwo wotsɔ ŋlɔa nuwo ɖoɖo ɖe mɔ̃ sia dzi mele bɔbɔe o. Esi Dorothy xɔ dzudzɔ le dɔ me le ƒe 1988 me la, egadze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme hefiaa Biblia amewo. Wonyae ɖe ale si wòwɔa nu kple dzonɔameme ɣesiaɣi, ale si wònya Biblia nyuie kple ale si wòtea ŋu ʋua mawunyakpukpui siwo sɔ tsɔ ɖoa nya ŋui la ta.

Dorothy gblẽ via ŋutsu Lane, via nyɔnu Lynn Elfers kple srɔ̃a, mamayɔvi eve, kple nɔvia Ruth Sennett Naids ɖe megbe.