Dzo kpo yi emenuwo dzi

DECEMBER (DZOME) 9, 2015
UNITED STATES

Yehowa Ðasefowo Wu Woƒe Dɔwɔƒegã Yeyea Tutu Dɔa Ƒe Akpa Vevitɔ Nu

Yehowa Ðasefowo Wu Woƒe Dɔwɔƒegã Yeyea Tutu Dɔa Ƒe Akpa Vevitɔ Nu

NEW YORK—Tso August (Dasiamime) va se ɖe October (Kele) 2015 me la, Yehowa Ðasefowo wu woƒe dɔwɔƒegã yeyea tutu ƒe dɔ si wode to me le Warwick le New York ƒe akpa vevitɔ nu, eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 3,800 aɖewoe kpɔa gome le dɔa me gbe sia gbe.

Esime dɔa ɖo eƒe ami me la, wotsɔ bɔsu siwo ade 40 lɔa lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla 3,800 aɖewo tsɔ yia dɔa wɔƒe galɔa wo yia wo nɔƒewo gbe sia gbe.

Woɖaa nu na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le nuɖaƒe enyi siwo woɖo hena dɔa wɔwɔ.

Tso esime wodze dɔa gɔme le July (Siamlɔm) 2013 me la, Ðasefo 18,000 kple edzivɔwo tso Amerika-dukɔa ƒe du vovovowo me kpɔ gome le dɔa me, wo dometɔ aɖewo tso keke Alaska kple Hawaii gɔ̃ hã. Dɔwɔla 400 va se ɖe 500 lɔƒo vaa dɔa wɔƒe le kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe, eye esi woɖo dɔa ƒe ami me ya la, woƒe agbɔsɔsɔme dzi ɖe edzi va ɖo 700 kple edzivɔwo kwasiɖanuwuwu ɖe sia ɖe eye esia yi edzi kwasiɖa ene sɔŋ.

Aƒetɔ Richard Devine, si nye Ðasefowo ƒe Warwick Xɔtukɔmitia ƒe zimenɔla gblɔ be: “Esi wònye ame akpe geɖe vaa dɔa me gbe sia gbe ta la, ele be bɔbɔe be amewo nava sɔ gbɔ ɖe dɔa wɔƒe kpaŋkpaŋ. Eya ta míeɖe ame 400 le ŋkekemedɔwɔlawo dzi be woawɔ dɔ tso ŋdɔ ga 3 va se ɖe fɔŋli ga 2 ale be nuwo nanɔ ɖoɖo nu le dɔa wɔƒe.” Ame siawo wɔ dɔ tso May (Damɛ) va se ɖe September (Anyɔnyɔ).

Woɖe foto afi si anye Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã yeyea ƒe mɔnu la le anyinufaɣi.

Aƒetɔ Richard Devine gblɔ be woawu mlɔƒe eneawo dometɔ eve tututu nu le January (Dzove) 2016 me abe ale si woɖoe ene. Aƒetɔ Devine gagblɔ be, “ale si ame gbogbo aɖewo kpe asi ɖe dɔa ŋu ta la, dɔ bliboa do ŋgɔ na ɣeyiɣi si wòle be wòawu enu la ɣleti ene sɔŋ.” Woɖoe be woawu mlɔƒe susɔeawo, dɔwɔxɔawo kple nudzraɖoƒea nu le September (Anyɔnyɔ) 1, 2016 dzi.

Dɔwɔƒegã yeye tuƒe si wonɔ yame ɖe foto.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000