Dzo kpo yi emenuwo dzi

SEPTEMBER 8, 2014
UNITED STATES

Lillian Gobitas Klose, Sukuvi Si Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Ƒe Nyadɔdrɔ̃ Ðedzesi Aɖe Ku Ðo Le Ƒe 1940 Me La Ku Le Eƒe Ƒe 90 Lia Xɔxɔ Me

Lillian Gobitas Klose, Sukuvi Si Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Ƒe Nyadɔdrɔ̃ Ðedzesi Aɖe Ku Ðo Le Ƒe 1940 Me La Ku Le Eƒe Ƒe 90 Lia Xɔxɔ Me

NEW YORK​—Lillian Gobitas Klose, si tso nya me be yemado gbe na aflaga o eye wodrɔ̃ ʋɔnu ɖedzesi aɖee le Amerika Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ la, ku le eƒe aƒe me le Fayetteville si le Georgia le August 22, 2014 dzi. Exɔ ƒe 90.

William Henry Gobitas (miame ɖaa), Walter Gobitas kple Lillian Gobitas esime wonya ɖeviwo le suku esi wogbe be yewomado gbe na aflaga o ta le ƒe 1935 me.

Lɛta si Lillian Gobitas ŋlɔ na Minersville Sukutatɔwo le ƒe 1935 me tsɔ ʋli eƒe xɔse tae.

Lillian Gobitas kple nɔvia ŋutsu William tso nya me be yewomagado gbe na aflaga azɔ o esi wose dukɔa ƒe radio dzi wɔna aɖe le October 6, 1935 dzi, si ƒo nu tso se si Biblia de ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu vɔ megbe. Yehowa Ðasefowoe wo ame evea siaa nye. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo megbe la, wonya wo le suku esi wogbe be yewomado gbe na aflaga o. Wo fofo, Walter, tsɔ nya yi nutomeʋɔnudrɔ̃ƒewo heʋli ɖeviawo ƒe gomenɔamesi ta eye wòɖu dzi. Sukutatɔwo tsɔ nyaa yi Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ le June 3, 1940 dzi be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na yewo. Esi wogbugbɔ nya sia si wona ŋkɔe be Minersville Nutomesuku kple Gobitis (womeŋlɔ tɔgbuiŋkɔa nyuie le ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nuŋlɔɖiwo me o) drɔ̃ la, nya la va yi Gobitas ƒomea dzi. Le ƒe etɔ̃ megbe, si nye Aflaga Ƒe Ŋkeke le June 14, 1943 dzi la, Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ trɔ nyametsotso si wòwɔ le Gobitis ƒe nyadɔdrɔ̃a me le ƒe 1940 me la, le eƒe nyametsotso si ku ɖe West Virginia Dukɔa Ƒe Sukudzikpɔƒe kple Barnette ŋu la me, eye esia wɔe be Ðasefowo ƒe viwo trɔ yi suku. Esiae nye zi gbãtɔ Amerika Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ trɔ nyametsotso si wòwɔ le ɣeyiɣi kpui aɖe me.

Aƒetɔ Walter Gobitas kple srɔ̃a Ruth dzi Lillian Gobitas le Minersville le Pennsylvania le November 2, 1923 dzi. Wonyrɔe wòzu Yehowa Ðasefo le March 14, 1935 dzi. Esi aƒenɔ Gobitas xɔ ƒe 20 la, eva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe Biblia-fiala (si Yehowa Ðasefowo yɔna be gbesiagbe mɔɖela) eye emegbe wòva subɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn si le New York tso February 1946 va se ɖe April 1953 me.

Lillian kple srɔ̃a Erwin Klose, esime wonye dutanyanyuigblɔlawo le Vienna si le Austria le ƒe 1954 me.

Esi aƒenɔ Gobitas de Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe le Europa le ƒe 1951 me la, edo go aƒetɔ Erwin Klose le Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Germany. Xɔlɔ̃wɔwɔ yi edzi le wo dome hafi aƒetɔ Klose va de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku, si nye dutanyanyuigbɔgblɔlawo, siwo wogayɔna be mawunyadɔgbedelawo ƒe suku si wowɔ le South Lansing si le New York. Ewu sukua nu le ƒe 1952 me, eye woɖoe ɖe Vienna le Austria (Autriche). Aƒenɔ Gobitas hã wu mawunyadɔgbedelawo ƒe suku nu le February 1954 me.

Le March 24, 1954 dzi la, eya kple aƒetɔ Klose ɖe wo nɔewo le Vienna eye woyi woƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa dzi le Austria. Wotrɔ va Amerika le ƒe ma ƒe nuwuwu le aƒetɔ Klose ƒe lãmesẽkuxi si nɔ gã dom ɖe edzi ta. Elabena Nazitɔwo wɔ funyafunya aƒetɔ Klose le fuwɔamegaxɔ me le esi wònye Yehowa Ðasefo ta, eye esia gblẽ nu le eƒe lãmesẽ ŋu vevie. Emegbe wodzi vi eve siwo ŋkɔwoe nye Stephen Paul kple Judith Deborah. Le ƒe 1967 me la, aƒetɔ Klose kple eƒe ƒomea ʋu yi Riverdale le Georgia afi si wokeke woƒe Biblia-fiafiadɔ ɖe enu le.

Aƒenɔ Gobitas Klose gblẽ via nyɔnu Judith Klose; nɔvia nyɔnu eve siwo ŋkɔwoe nye Jeanne Fry kple Grace Reinisch; kple nɔvia ŋutsu Paul Gobitas ɖe megbe. Srɔ̃a kple via Stephen Paul Klose, edzilawo, nɔvia ŋutsu William Gobitas kpakple nɔvia nyɔnu Joy Yubeta ku do ŋgɔ nɛ.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000