Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 28, 2014
UNITED STATES

Agaɖeviwo Gblẽ Nu Le Washington State

Agaɖeviwo Gblẽ Nu Le Washington State

Agaɖeviwo na aƒewo nyrɔ ɖe ba me le Snohomish County si le Washington le United States (États-Unis) le March 22, 2014 dzi. Nutoa me dziɖuɖumegãwo ka nya ta be ame 90 aɖewoe bu eye wogblɔ be ame 17 ku. Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le United States ka nya ta be nyɔnu Ðasefo ɖeka le ame siwo bu la dome. Ðasefo atsu kple asi aɖe ƒe vinyɔnu kple woƒe mamayɔvi hã ku le nudzɔdzɔ sia me. Eva hiã be Ðasefo eve naʋu le woƒe aƒewo me; Ðasefo bubu aɖe ya ƒe aƒe dome gblẽ keŋkeŋ. Ðasefowo ƒe hamemetsitsi siwo le nutoa me le kpekpeɖeŋu kple akɔfafa nam ame siwo ŋu afɔku sia gblẽ nu le.

Woƒe Kadodo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000