Dzo kpo yi emenuwo dzi

MAY 20, 2015
UNITED STATES

Yehowa Ðasefowo Dze “Srɔ̃ Yesu!” Takpekpe Gãwo Gɔme Le Amerika Dua Ƒe Nuto 11 Me

Yehowa Ðasefowo Dze “Srɔ̃ Yesu!” Takpekpe Gãwo Gɔme Le Amerika Dua Ƒe Nuto 11 Me

NEW YORK—Yehowa Ðasefowo adze woƒe “Srɔ̃ Yesu!” Takpekpe Gãwo ƒe gbãtɔ gɔme le United States (États-Unis) le Fiɖa, May 22, 2015 ƒe ŋdi. Le kwasiɖanuwuwu ma la, woawɔ wɔna siawo siwo ame sia ame ate ŋu ade faa femaxee la le teƒe 11 bubuwo. Teƒe siawo dometɔ ɖekae nye Stanley Theater xɔŋkɔ si le Jersey City le New Jersey (foto si le dzedzem le etame). Ðasefoawo le mɔ kpɔm be ame siwo ade takpekpe sia le teƒe 11 siawo katã awu 41,000 gbe sia gbe.

J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York, gblɔ be: “Míaxɔ ame siwo katã ava wɔ ɖeka kpli mí le takpekpe sia me le woƒe nutowo me la atuu kple vividodoɖeameŋu gã aɖe, eye míeka ɖe edzi be dzi adzɔ wo ŋutɔ be yewodi ɣeyiɣi va. Yesu ƒe nufiafia ʋãmewo ƒe ɖeɖefia wɔdɔɖeamedzi siwo ŋu wotrɔ asi le be wòakpe ɖe ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, siwo le nɔnɔme vovovowo me ŋu la, ayi edzi le “Srɔ̃ Yesu!” Takpekpe Gã ƒe ŋkeke etɔ̃awo katã me.”

Yehowa Ðasefowo awɔ “Srɔ̃ Yesu!” Takpekpe Gã 5,000 aɖewo tso May 2015 va se ɖe January 2016 me le dukɔ 92 me. Takpekpe sia si ŋu Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa wɔ ɖoɖo ɖo la bliboa katã alo eƒe akpa aɖewo ayi edzi le gbe 347 me, gbe siawo dometɔ 55 nye tokunɔgbewo.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000