Dzo kpo yi emenuwo dzi

SEPTEMBER 25, 2014
UNITED STATES

Dukɔwo Dome Takpekpe Ŋuti Nyatakakawo: Ðasefowo Wɔ Takpekpe Ðedzesiwo Le MetLife Bɔlƒoƒea

Dukɔwo Dome Takpekpe Ŋuti Nyatakakawo: Ðasefowo Wɔ Takpekpe Ðedzesiwo Le MetLife Bɔlƒoƒea

NEW YORK—Le June 20 va se ɖe 22 kple June 27 va se ɖe 29, 2014 dzi la, Yehowa Ðasefo gbogbo aɖewo va ƒo ƒu ɖe MetLife Bɔlƒoƒea le Ɣedzeƒe Rutherford le New Jersey hena “Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã!” Dukɔwo Dome Takpekpe siwo woawɔ, eye wowɔ takpekpea le Eŋlisigbe kple Spainiagbe me.

Ame siwo de takpekpea le kwasiɖanuwuwu eveawo ƒe agbɔsɔsɔe nye 118,000, takpekpe gã eve siawo na míeɖo ŋku takpekpe gã siwo wowɔ kpɔ le New York du gãwo me ƒe geɖewoe nye ema va yi la dzi. Woto videokadodo dzi na ame 407,000 kple edzivɔ siwo ƒo ƒu ɖe nuto bubuwo me la hã kpɔ gome le wɔnaa ƒe akpa vevi aɖewo me si wɔe be ameawo katã ƒe agbɔsɔsɔ va nye 525,500.

Wɔnaa ƒe akpa geɖewo lɔ nuteƒekpɔkpɔwo wɔwɔ fia kple video siwo ɖe ale si Biblia me mɔfiamewo ɖea vie me la fia. Dɔdzikpɔhaa me tɔe ƒoa ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe nuƒo mamlɛtɔ. David Splane ye ƒo nu le takpekpe si wowɔ tso June 20 va se ɖe 22 me; eye Geoffrey Jackson ye ƒoe tso June 27 va se ɖe 29 dzi.

Wonyrɔ amewo le takpekpe siawo dometɔ ɖe sia ɖe me. Ame siwo wonyrɔ le takpekpewɔƒeawo ƒe agbɔsɔsɔe nye 1,255, eye ame siwo wonyrɔ le teƒe bubu siwo amewo ƒo ƒu ɖoe nye ame 2,930 si wɔe be nyɔnyrɔxɔlawo katã ƒe agbɔsɔsɔ va le 4,185.

Vavalwo dometɔ aɖewo tso Argentina, Australia, Belize, Britain, Chile, Costa Rica, El Salvador, Germany, Greece, Guatemala, Honduras, Italy, Malaysia, Mexico, Nicaragua, Panama, Peru, Spain kple Venezuela.

Aƒetɔ J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela gblɔ be: “Takpekpe sia ɖo ŋku takpekpe ɖedzesi si wowɔ le New York le ƒe 1958 me dzi na mía dometɔ geɖe. Le takpekpe siwo wowɔ le Yankee Stadium kple teƒe si woyɔna tsã be Polo Grounds la, valawo wu ame 253,000. Takpekpe siwo míewɔ le MetLife Bɔlƒoƒea le ƒe sia me la ɖe dzesi ŋutɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe ŋutinya me.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000