Dzo kpo yi emenuwo dzi

OCTOBER 11, 2019
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Ƒe 2019 Ƒe Sia Ƒe Takpekpea Ƒe Totoɖeme

Ƒe 2019 Ƒe Sia Ƒe Takpekpea Ƒe Totoɖeme

Le Memleɖa, October 5, 2019 dzi la, Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ Si Le Pennsylvania la wɔ eƒe dɔwɔnyawo ƒe kpekpea le Yehowa Ðasefowo Ƒe Takpexɔ si le Newburgh, le New York, U.S.A. Esi wowu dɔwɔnyawo ƒe kpekpea nu la, Dɔdzikpɔhaa xɔ ŋgɔ na kpekpe aɖe si me wotsɔ gbɔgbɔmenunyiamewo tu ame 20,679 sɔŋ ɖo. Nyaselaawo dometɔ aɖewo nɔ takpekpewɔƒea, eye bubuwo hã tsiã ka kpli wo. Nya siwo gbɔna la nye nu siwo yi edzi le kpekpea me la ƒe totoɖeme. *

“Ame Ðekae Nye Miaƒe Kplɔla, Eyae Nye Kristo La”

Nɔviŋutsu Gerrit Lösch, si nye ame si nɔ zi me na ɖoɖowɔɖia la ƒo nuƒo gbãtɔ si wotu ɖe Mateo 23:10 dzi, tsɔ ɖo ŋku edzi na mí be Yesu Kristo ye nye míaƒe kplɔla, ke menye amegbetɔ aɖekee o.

Yehowa Toa Míaƒe Kpekpeɖeŋunana Ƒe Subɔsubɔdɔa Dzi Naa Kpekpeɖeŋu

Nɔviŋutsu Stephen Lett ɖe susu si tae wòle vevie be míanye ame siwo naa nu kple dzidzɔ la me. Mɔ aɖe si nu míaɖee afia le be míenye nunalawo ye nye be míanɔ asi kpem ɖe míaƒe kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Nɔviŋutsu Lett na nyatakakawo ku ɖe nu siwo gbegbe dzɔdzɔmefɔkuwo gblẽ kpakple kpekpeɖeŋunadɔ siwo míewɔ le ƒe 2018 kple ƒe 2019 ƒe subɔsubɔƒeawo me la ŋu. Afɔku siawo gblẽ nu le nɔvi siwo wu 900,000 la ŋu; Fiaɖuƒe Akpata siwo wu 700 kple mía nɔviwo ƒe aƒe siwo wu 15,000 ŋue afɔkuawo gblẽ nu le alo gbã keŋkeŋ. Yehowa Ðasefowo zã ga dɔlar miliɔn 49.5 kple edzivɔ ɖe kpekpeɖeŋunadɔ siawo ŋu.

Le eƒe nuƒoa me la, woɖe video siwo me nɔvi siwo kpekpeɖeŋunadɔawo ɖe vi na la ɖe woƒe dzimenyawo gblɔ tso ale si wokpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si wona wo ŋu la ŋu.

‘Mawu Ƒe Asi Nyui La Le Mía Dzi . . . Mina Míatso Ne Míaɖo Glia’ | Video

Wogblɔ le video sia me be xɔ 80,000 kloe ye le Yehowa Ðasefowo si siwo wole be lém na. Woƒo nu tso ale si míewɔna léa be na xɔ siwo míezãna na teokrasiwɔnawo, ale si míegbugbɔna trɔa asi le wo ŋu kple ale si míetua woe hã ŋu le videoa me.

Anyigbawo Kple Xɔwo Ƒeƒle Ƒe Ŋutinya | Video

Le video sia me la, wobia gbe nɔviŋutsu etɔ̃ aɖewo siwo na kpekpeɖeŋu le ƒe siwo va yi me le anyigbawo didi kple wo ƒeƒle na United States alɔdzedɔwɔƒea kple habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã la me: woawoe nye Nɔviŋutsu Max Larson, George Couch, kple Gilbert Nazaroff. Nɔviŋutsu etɔ̃awo katã gblɔ ale si wokpɔe kɔtɛ be Yehowa ƒe asi ye nɔ eme hafi wote ŋu ƒle anyigba kple xɔ vovovoawo.

Wowɔ Ðoɖo Ðe Xɔtudɔ Yeye Aɖe Ŋu | Video

Woɖe gbeƒãe le video sia me be Yehowa Ðasefowo wɔ ɖoɖo be yewoana videowo wɔwɔ ƒe dɔ vovovoawo nayi edzi le teƒe ɖeka, si nye dɔwɔƒe yeye aɖe si woatu ɖe Ramapo, le New York. Anyigba si dzi woatu xɔa ɖo la didi tso habɔbɔa ƒe dɔwɔƒegã si le Warwick, New York la gbɔ abe kilometa etɔ̃ ene. Taɖodzinua ye nye be woadze xɔ sia tutu gɔme le ƒe 2022 me eye woawu enu le December 2026 me. Ne xɔtudɔa va ɖo afi si woahiã na dɔwɔla gbogbotɔwo le la, woahiã na lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla abe 1,500 ene gbe sia gbe.

Betel xɔ yeye si woatu ɖe Ramapo, le New York la ƒe nɔnɔmetata. Nyaléleɖemɔ̃dzi dɔwɔƒe, ɔfiswo, xɔdɔmewo kple amedzrowo xɔƒe anɔ teƒea

Mɔnu Yeye Si Dzi Woato Akpe Dɔbiagbalẽviwo Ðo | Video

Video sia na eme kɔ be tso January 2020 me la, gbeƒãɖela siwo di be yewoakeke yewoƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu la ate ŋu akpe dɔbiagbalẽvi ɖo le jw.org eye woaɖoe ɖe woƒe hamemetsitsiwo ƒe haa be wòato eme.

Mɔnu Yeye Aɖe Si Dzi Míato Ake Ðe Odio Nuwo Ŋu Le JW.ORG

Anya wɔ azɔ be míaƒo ha alo nya aɖewo siwo le jw.org la ase le mɔ̃ siwo zãa Amazon Alexa alo Google Assistant la dzi.

Amedzidzedze Si Atso Dziehe

Nɔviŋutsu David Splane ƒo nu tso asitɔtrɔ si wowɔ ku ɖe ale si míese nyagblɔɖi si dze le Yoel ta 2 ku ɖe ʋetsuviwo ƒe ha gã aɖe ŋu gɔme la ŋu. Míele mɔ kpɔm be míava srɔ̃ nu tso numekɔkɔ sia si woava ɖe ɖe go le Gbetakpɔxɔ me la ŋu.

Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe (Nusɔsrɔ̃tɔ) tso Mateo va se ɖe Dɔwɔwɔwo

Zã Nusɔsrɔ̃ Biblia Nàtsɔ Asrɔ̃ Bibliae

Nɔviŋutsu Samuel Herd ƒo nu tso viɖe siwo le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe (Nusɔsrɔ̃tɔ) si ŋu míate ŋu ake ɖo le Internet dzi zazã me la ŋu. Eyome eɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe (Nusɔsrɔ̃tɔ) ƒe tata, si me Mateo ƒe agbalẽa va se ɖe Dɔwɔwɔwo le la, ɖe go. Gbeƒãɖelawo ate ŋu adɔe to woƒe hamewo dzi.

Dɔ Geɖe Li Míawɔ!

Nɔviŋutsu Anthony Morris te gbe ɖe edzi be gbeƒãɖeɖe nya nyuia ye nye dɔ vevitɔ na Kristotɔ vavãwo. Xɔ siwo wotu hena teokrasidɔwo wɔwɔ la kpena ɖe Dɔdzikpɔhaa ŋu wòwɔa ɖoɖo ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu eye wònana gbɔgbɔmenuɖuɖu kaa Yehowa ƒe amewo si. Nɔviŋutsu Morris he susu yi nya ʋãme aɖewo siwo dze le November 15, 1976 ƒe Gbetakpɔxɔ me la dzi; egblɔ be: “Ele be kaka ‘xaxa gã’ la nava la, míabiã ŋku ɖe gbeƒãɖeɖe nya nyuia ŋu le anyigba bliboa dzi wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe le ŋutinya me. Ɣeyiɣi si me Aƒetɔ Yesu ava be yeadrɔ̃ ʋɔnu la awɔ nuku na ame sia ame—awɔ nuku na Yehowa ƒe amewo gɔ̃ hã, elabena ava le ɣeyiɣi si me wovu ɖe Yehowa ƒe dɔwo wɔwɔ ŋu wu ɣeyiɣi bubu ɖe sia ɖe!”

Ðe Susu Aɖe Li Si Tae Míavɔ̃ Ðoa?

Nɔviŋutsu Mark Sanderson na eme kɔ be abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene la, Mawu ƒe amewo kpɔa mɔ be “dukɔwo katã” alé fu yewo. (Mateo 24:9) Gake Nɔviŋutsu Sanderson de dzi ƒo na mí be míagavɔ̃ amewo o, ke boŋ míavɔ̃ Yehowa.—Psalmo 111:10.

Woɖe video wɔdɔɖeamedzi aɖe si me mía nɔvi siwo yome woti le Russia la ƒo nu tso ale si woɖu vɔvɔ̃ na yometiti dzi le la ŋu. Nuƒoa kple videoa siaa de dzi ƒo na Yehowa ƒe amewo katã be woatu nɔnɔme ma ke ɖo.

Ðe Nèle Ŋute Le Susu Me Bliboea?

Nɔviŋutsu Geoffrey Jackson ƒo nu tso nya aɖewo siwo dze le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me siwo fia “ŋutenɔnɔ le susu me” la ŋu eye wògblɔ ale si míatsɔ nya mawo ade dɔwɔwɔ mee. Azɔ hã ete gbe ɖe ale si wòle vevie be ‘míanɔ mo xexi bliboe’ (si fia be “míanɔ ŋute bliboe le susu me”) le ŋkeke mamlɛ siawo me dzi.—1 Petro 1:13.

Ðe Nàtsɔ Ðe Le Eme Na Woa?

Nɔviŋutsu Kenneth Cook ɖe gbeƒã ƒe 2020 ƒe mawunyakpukpuia, si nye Mateo 28:19, afi si gblɔ be: “Eya ta miheyi ɖawɔ . . . nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.” Ete gbe ɖe ale si gbegbe wòle vevie be míakpe ɖe ame siwo si dzi nyui le ŋu be woatsɔ woƒe agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa eye woaxɔ nyɔnyrɔ la dzi.

Kpekpe siwo me wodzroa ŋɔŋlɔawo me nyawo le, abe ƒe sia ƒe takpekpea ene, la doa ŋusẽ mí be míayi edzi aku kutri geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.

^ Woada ƒe sia ƒe takpekpea ƒe wɔna bliboa ɖe jw.org le January 2020 me.