Dzo kpo yi emenuwo dzi

AUGUST 1, 2014
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Ðasefowo Ado Boblo JW.ORG Nyatakakadzraɖoƒe Si Le Gbegbɔgblɔ Gbogbotɔ Kekeake Me

Ðasefowo Ado Boblo JW.ORG Nyatakakadzraɖoƒe Si Le Gbegbɔgblɔ Gbogbotɔ Kekeake Me

NEW YORK—Le August 1, 2014 dzi la, Yehowa Ðasefowo adze trakt yeye aɖe si ƒe tanyae nye Afi Kae Míakpɔ Ŋuɖoɖo Na Agbe Me Biabia Vevitɔwo Le? mama gɔme si axɔ ɣleti ɖeka atsɔ ado boblo woƒe internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org. Nyatakakadzraɖoƒe sia le gbegbɔgblɔ 500 aɖewo me, eye woate ŋu awɔ agbalẽ kple nu bubu siwo le edzi la ƒe kɔpi le gbegbɔgblɔ 700 kloe me. Nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org ye nye esi gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ gbogbotɔ kekeake me wu le xexea me godoo.

Ame miliɔn ɖeka kple edzivɔwo ʋua jw.org nyatakakadzraɖoƒea gbe sia gbe. Nyatiwo kple videowo le nyatakakadzraɖoƒea, siwo aɖe vi na ame siwo xɔ ƒe vovovowo, ame ƒomevi vovovowo kple ame siwo le nɔnɔme vovovowo me. Video siawo dometɔ ɖeka ƒe tanyae nye Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?, eye àte ŋu azã QR-xlẽnu ƒe kadodoa si dze le trakt yeyea dzi atsɔ aʋui. Wozã agbemenudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔwo le video sia me tsɔ ɖe nu si tae wòanyo be míasrɔ̃ Biblia la fia. Ele gbegbɔgblɔ 450 me fifia, eye amewo wɔ eƒe kɔpi miliɔn 4 tso esime woɖee ɖe go le November 18, 2013 dzi.

J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York, gblɔ be: “Míele mɔ kpɔm na boblododo sia vevie. Yehowa Ðasefo miliɔn enyie le xexea me godoo, eye mí katã míagblɔ nyatakakadzraɖoƒe sia ŋu nya na míaƒe aƒelikawo. Ðewohĩ esiae anye boblodododɔ gãtɔ si míewɔ kpɔ.”

Geoffrey Jackson, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔhaa me tɔ gblɔ be: “Tso esime jw.org nyatakakadzraɖoƒe sia dze dɔ gɔme ƒe evee nye esi va yi la, ame siwo tso xexea me godoo kpɔe be nyatakaka siwo ŋu viɖe le la le afi sia. Le nyatakakadzraɖoƒe sia la, àte ŋu akpɔ video siwo akpe ɖe viwòwo ŋu, nyati siwo ate ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋu, eye àte ŋu axlẽ Biblia gɔ̃ hã. Míedi be jw.org nyatakakadzraɖoƒea naɖe vi na ame gbogbotɔ kekeake, esia tae míede boblododo ƒe ɖoɖo sia to me ɖo.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000