Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 20, 2014
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Aƒetɔ Guy H. Pierce Si Nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha Me Tɔ Ku

Aƒetɔ Guy H. Pierce Si Nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha Me Tɔ Ku

NEW YORK​—Guy H. Pierce, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ le woƒe Dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York la ku le Braɖa, March 18 dzi le eƒe ƒe 79 lia xɔxɔ me.

Aƒetɔ Pierce wɔ dɔ le kɔmiti vovovo siwo kpɔa Ðasefowo ƒe dɔwo kple Biblia-fiafiadɔ si wowɔna le xexea me godoo dzi la me. Dɔ siwo wòwɔna le woƒe habɔbɔa me bia be wòanɔ mɔ zɔm edziedzi eye wòtoa esia dzi dea dzi ƒo na Yehowa Ðasefowo le xexea me godoo. Togbɔ be dɔ geɖe nɔ edzi hã la, ekpɔa vovo ɖe ame siwo hiã eƒe kpekpeɖeŋu alo aɖaŋuɖoɖo la ŋu, eye ale si wòkoa alɔgbɔnu hedoa nukokoe na ame la nana be amewo ɖea dzi ɖi le egbɔ. Exɔlɔ̃ veviwo kpɔe le eŋu be ame ɖe sia ɖe ƒomevi tea ŋu tena ɖe eŋu bɔbɔe. Aƒetɔ Pierce gblɔ tso eɖokui ŋuti le nuƒo aɖe si wòƒo le ame siwo wɔa subɔsubɔdɔa ɣeyiɣiawo katã la ƒe sukunuwuwɔna aɖe me be dzidzenu si nu yenɔa agbe ɖoe nye be: “Lé dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi sesĩe, gake wò nya me megasẽ kpaɖi o. Mègado vlo ame siwo nàdo goe le wò subɔsubɔdɔa me o le esi woƒe dekɔnuwo to vovo ta o.”

Wodzi Guy Hollis Pierce le Auburn si le California le November 6, 1934 dzi. Exɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefo le August 14, 1955 dzi esime wòxɔ ƒe 20. Eɖe eƒe haxɔsetɔ Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Penelope (Penny) Wong le May 30, 1977 dzi eye wohe wo viwo ɖekae. Aƒetɔ kple aƒenɔ Pierce va zu ame siwo fia Biblia amewo ɣeyiɣiawo katã (siwo Yehowa Ðasefowo yɔna be gbesiagbe mɔɖelawo). Emegbe eva zu dzikpɔla mɔzɔla, eyina ɖasrãa Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo kpɔ le Amerika-dukɔa me godoo, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo fiaa Biblia amewo ɣeyiɣiawo katã kple ame bubuwo le hame siwo me wòyina la me. Le ƒe 1997 me la, wokpe aƒetɔ kple aƒenɔ Pierce be woava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Amerika la ɣeyiɣiawo katã. Le October 2, 1999 me la, woɖe gbeƒãe be aƒetɔ. Pierce zu Dɔdzikpɔha la me tɔ.

Aƒetɔ Pierce ye nye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔ si le Pennsylvania ƒe ƒe sia ƒe takpekpe 129 lia ƒe wɔnawo ƒe zimenɔla le October 5 kple 6, 2013 ƒe kwasiɖanuwuwua me. Ame 1,413,676 ye kpɔ gome le wɔnaa me le dukɔ 31 me, wo dometɔ aɖewo de wɔnaa wɔƒe ŋutɔ eye bubuwo hã kpɔe to internet-kadodowo dzi. Le Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒea ƒe nya nu la, esiae nye Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe gãtɔ kekeake si wowɔ kpɔ.

Aƒetɔ Pierce gblẽ srɔ̃a Penny, via dzidzi ade, tɔgbuiyɔviwo kple tɔgbuitɔgbuiyɔvi geɖewo ɖe megbe. Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo siwo wòbuna be wonye yeƒe ƒometɔwo la hã ɖoa ŋku edzi vevie.

Ehati Dɔdzikpɔha me tɔ bubuwo ƒo nu tso “xɔse sẽŋu si le esi kple ale si wòléa Yehowa ƒe sewo kple dzidzenuwo me ɖe asi sesĩe” la ŋu. Wogblɔ kpee be: “Ŋkuɖoɖo eƒe dzinɔameƒo kple nuteƒewɔwɔ dzi le eƒe anyigbadzinɔɣi dzi ayi edzi anɔ ŋusẽ dom mí hena ƒe geɖe.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000