Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 19, 2014
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Guy H. Pierce Si Nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha Me Tɔ Ku Le Eƒe 79 Lia Xɔxɔ Me

Guy H. Pierce Si Nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Dɔdzikpɔha Me Tɔ Ku Le Eƒe 79 Lia Xɔxɔ Me

Guy H. Pierce, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ le woƒe Dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York la ku le Braɖa, March 18 dzi le eƒe ƒe 79 lia xɔxɔ me.

Aƒetɔ Pierce gblẽ srɔ̃a Penny, via dzidzi ade, tɔgbuiyɔviwo kple tɔgbuitɔgbuiyɔvi geɖewo ɖe megbe. Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo siwo wòbuna be wonye yeƒe ƒometɔwo la hã ɖoa ŋku edzi vevie.

Ehati Dɔdzikpɔha me tɔ bubuwo gblɔ tso eŋu be: “Ŋkuɖoɖo eƒe dzinɔameƒo kple nuteƒewɔwɔ dzi ayi edzi anɔ ŋusẽ dom mí hena ƒe geɖe.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

 

Xlẽ Nyatia