Dzo kpo yi emenuwo dzi

(Miame) Nu ŋutɔŋutɔ siwo míawɔ atsɔ akpɔ mía ɖokui ta ƒe ɖewoe nye be míanɔ teƒe siwo amewo ƒe asi dena kabakaba alo nu siwo ŋu amewo kaa asii bɔbɔe le míaƒe aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpataa me la ŋu tutum edziedzi; (Titina) Le teƒe siwo dɔlélea le la, gbeƒãɖelawo ate ŋu atiae be yewoaɖe gbeƒã to mɔnu bubuwo dzi, le kpɔɖeŋu me, woate ŋu aɖe gbeƒã to telefon dzi; (Ðusime) Le nuto siwo me dɔlélea kaka le la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be hamea me tɔwo nakpɔ kpekpe siwo wolé da ɖi la le mɔ̃ dzi

MARCH 3, 2020
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Coronavirus Ŋuti Nyatakakawo Kple Ale Si Míakpɔ Mía Ðokui Ta

Coronavirus Ŋuti Nyatakakawo Kple Ale Si Míakpɔ Mía Ðokui Ta

Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe dɔwɔƒegã le ŋku lém ɖe ale si dɔléle si nye coronavirus (si wogayɔna be COVID-19) le kakamee la ŋu hele eŋuti nyatakakawo xɔm. Biblia na míenya be le ŋkeke mamlɛawo me la, dɔvɔ̃wo ava teƒeteƒewo. (Luka 21:11) Ne dɔvɔ̃wo le kakam la, nunya le eme be míaɖe afɔ siwo sɔ be míakpɔ míawo ŋutɔwo kple ame bubuwo siaa ta.—Lododowo 22:3.

Ame aɖewo adi vevie be yewoanya ale si nɔnɔmea le na mía nɔvi siwo le dukɔ siwo me dɔvɔ̃a kaka le la me. COVID-19 dɔlélea ƒe dodo wɔe be míaƒe alɔdzedɔwɔƒe kple hame siwo le Italy, Japan, South Korea kple dukɔ bubuwo me la wɔ asitɔtrɔ vovovowo. Le teƒe aɖewo la, eva hiã be alɔdzedɔwɔƒea naɖo asi amewo dzi be woagava ɖi tsa le alɔdzedɔwɔƒea alo adze afi ma o. Le teƒe bubuwo la, dziɖuɖua xe mɔ ɖe hahoo wɔnawo nu, si wɔe be alɔdzedɔwɔƒea te fli ɖe nutome sue takpekpewo me. Gakpe ɖe eŋu la, eva hiã be hame aɖewo natrɔ asi le ɖoɖo siwo wowɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa kple kpekpewo dede ŋu la ŋu. Togbɔ be kuxi siawo li hã la, mía nɔviwo yi edzi le wo ɖokuiwo tum ɖo to Biblia xexlẽ kple esɔsrɔ̃ dzi hele dzi dem ƒo na wo nɔewo.—Yuda 20, 21.

Le nɔnɔme siawo me la, mía nɔviwo kpɔe be mɔfiame siwo gbɔna la aɖe vi na yewo. Nya siwo gbɔna ate ŋu akpe ɖe wò ŋutɔ kple wò ƒomea siaa ŋu ne dɔvɔ̃ aɖe do mo ɖa le miaƒe nutoa me.

  • Mègatsi Dzi Fũu Akpa O. Enyo be nànɔ ŋudzɔ ɖe dɔvɔ̃wo ŋu eye nàɖe afɔ siwo sɔ, ke hã aɖaŋuɖoɖo siwo sɔ la dzi koe wòle be nàwɔ ɖo, ke menye be nàtsi dzi fũu akpa alo anɔ vɔvɔ̃m o.—Lododowo 14:15; Yesaya 30:15.

  • Wɔ Ðe Dziɖuɖua Ƒe Aɖaŋuɖoɖowo Kple Mɔfiamewo Dzi. Zi geɖe la, dumegãwo naa mɔfiamewo alo dea se siwo awɔe be dɔlélea nagakaka o. Ele vevie be mɔfiame mawo nanɔ nyanya na mí eye míawɔ wo dzi.—Romatɔwo 13:1.

  • Lé Fɔ Ðe Dzadzɛnyenye Ŋu. Ele vevie ŋutɔ be nàtsɔ tsi kple adzalẽ anɔ asi klɔm edziedzi, alo nànɔ asidɔlékuiwutike (hand sanitizer alo désinfectant pour les mains) siwo me alcohol le la zãm. Anyo be míatsɔ adzalẽ kple tsi alo dɔlékuiwutikewo anɔ teƒe siwo ame ƒe asi dena kabakaba alo nu siwo ŋu amewo kaa asii bɔbɔe le míaƒe aƒewo kple Fiaɖuƒe Akpataa me la ŋu tutum edziedzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, atikeŋutinunyalawo kafui be ne dɔxɔleameŋu aɖe do alea la, anyo be amewo nadzudzɔ asinana gbɔ, elabe asinana nana dɔlékuia kakana kabakaba. Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa na mɔfiame bubuwo ku ɖe coronavirus dɔlélea ŋu.

  • Ðe Lɔlɔ̃ Fia Amewo. Togbɔ be mí katã míenya vevienyenye si le Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kple gbeƒãɖeɖedɔa ŋu hã la, ne èle dɔ lém la, anyo be nànɔ aƒe me ale be nàgaba dɔlélea na ame bubuwo o. Esia nye lɔlɔ̃ɖeɖefia mía nɔviwo, eye míato esia dzi akpɔ mía nɔvi Kristotɔwo kple ame bubuwo ta.—Mateo 22:39.

  • Wɔ Ðe Asitɔtrɔ Siwo Hamea Awɔ La Dzi. Le teƒe siwo dɔvɔ̃ aɖe do le la, ahiã be alɔdzedɔwɔƒea nate fli ɖe hame ƒe kpekpewo, takpekpewo kple teokrasiwɔna bubuwo me hena ɣeyiɣi aɖe. Esiae dzɔ le teƒe aɖewo siwo COVID-19 dɔlélea kaka le wu, abe Italy, Japan kple South Korea ƒe nuto aɖewo ene me. Le go siwo me wòasɔ le mia gbɔ le la, hamemetsitsiwo ate ŋu awɔ ɖoɖo be nɔviwo nakpɔ kpekpe siwo wolé da ɖi la le mɔ̃ dzi. Gbeƒãɖelawo ate ŋu aƒo ka na amewo, alo ato text message, e-mail alo lɛta ŋɔŋlɔ dzi aɖe gbeƒã na amewo.

NYA BUBU SIWO LE MÍAƑE AGBALẼWO ME

Àkpɔ mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò nàƒo asa na dɔlélewo la le nyati siwo gbɔna la me.