Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 20, 2014
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Yehowa Ðasefowo Le Amewo Kpem Le Xexea Me Godoo Na Kristo Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzia

Yehowa Ðasefowo Le Amewo Kpem Le Xexea Me Godoo Na Kristo Ƒe Ku Ƒe Ŋkuɖodzia

NEW YORK​—Le Memleɖa, March 22, 2014 dzi la, Yehowa Ðasefowo adze amewo kpekpe le xexea me godoo be woava kpɔ Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodziwɔna, si nye wɔna vevitɔ na Ðasefowo le ƒea me la teƒe. Le ƒe si va yi me la, ame 19,241,252 ye kpe ta hena wɔna tɔxɛ sia. Ðasefoawo le mɔ kpɔm be ame gbogbotɔ ade wɔnaa teƒe le ƒe sia me. Woawɔe le Dzoɖa, April 14, le ɣeɖoto megbe.

J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã le New York gblɔ be: “Míeka ɖe edzi be ame siwo katã ade Ŋkuɖodzia kpli mí la akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu eye wòaɖe vi na wo hã. Esia tae míele amewo kpem vevie hena wɔna kɔkɔe sia.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000