Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 13, 2014
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Yehowa Ðasefowo Ðe Biblia Yeyea Ƒe Nuŋɔŋlɔ Lolotɔ Ðe Go

Yehowa Ðasefowo Ðe Biblia Yeyea Ƒe Nuŋɔŋlɔ Lolotɔ Ðe Go

NEW YORK​—Yehowa Ðasefowo le agbagba dzem be Biblia nasu ame gbogbotɔ kekeake si. Eya ta woɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo​—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeyea ƒe nuŋɔŋlɔ lolotɔ hã ɖe go. Wowɔ ɖoɖo be Biblia sia ƒe gbãtɔ siwo woata le Amerika kple Japan siaa ƒe agbɔsɔsɔ nanye 424,000.

Ðasefoawo ɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeye sia ƒe tata si ame geɖe zãna la ɖe go le kpekpe tɔxɛ aɖe si wowɔ tso October 5 va se ɖe 6, 2013 dzi me, eye amewo kpɔ gome le kpekpe sia me to internet-kadodo dzi le dukɔ 31 me. Enye ƒe 1984 ƒe tata si ŋu wotrɔ asi le eme kɔ wu. Tso October 7, 2013 dzi la, Ðasefowo to dɔwɔnu si nye JW Library si nana be wotea ŋu zãa Biblia sia le mɔ̃ vovovowo dzi la vɛ, eye amewo zã dɔwɔnu sia tsɔ wɔ Biblia sia ƒe kɔpi miliɔn ɖeka akpe alafa ene kloe le internet dzi. Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia le fɔmat vovovowo hã me le internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye www.pr418.com.

Titinanuŋɔŋlɔ siwo ade 60,000 kloe hã le eme siwo kpena ɖe Biblia-xlẽlawo ŋu wosea Biblia me nuŋlɔɖiwo gɔme nyuie. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, foto siwo le amadede vovovowo me, Biblia me nyigbawo ƒe nɔnɔmetatawo kple aɖaka siwo ɖe ale si amewo nɔ agbee le Biblia-ŋlɔɣiwo me la me tsitotsito hã le eme. Eƒe akpa si nye megbenyawo ƒo nu tso nyatiwo abe Biblia gɔme ɖeɖe ŋuti mɔfiamewo kple ale si woŋlɔ Biblia hekpɔ etae ŋu.

Wona Mawu ƒe ŋkɔa dze le ƒe 1984 ƒe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me le teƒe 7,000 sɔŋ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe ŋkɔa gadze le asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ kekeake siwo ŋu wova ke ɖo nyitsɔ laa ƒe akpa bubu aɖewo hã, eye wodee le akpa siawo hã le ƒe 2013 ƒe tata yeye sia me. Elabena esi woku nu me tso Ƒukukua ƒe Agbalẽxatsaxatsawo kple asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔwo me la, wokpɔe be Mawu ƒe ŋkɔa gadze le teƒe ade bubuwo, eye wodee teƒe mawo katã le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia yeye sia me. Wodze le Ʋɔnudrɔ̃lawo 19:18; 1 Samuel 2:25; 6:3; 10:26; 23:14, 16. Megbenyawo gaƒo nu tso ale si wozã Mawu ƒe ŋkɔa le blema Hebrigbe kple Helagbe me kpakple ale si wòdze le Biblia-gɔmeɖeɖe siwo le egbegbe gbegbɔgblɔ vovovowo mee me la ŋu.

Tso gbe aɖe gbe kee Ðasefowo ɖea Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme, tanɛ hemana na amewo, eye agbalẽnyalagãwo dea asixɔxɔ Biblia sia ŋu ŋutɔ ɖe ale si wòde pɛpɛpɛ ta. Woɖe Biblia sia ƒe bliboa ɖe go zi gbãtɔ le ƒe 1961 me le Eŋlisigbe me. Le ƒe 1963 me la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe (The New York Times) ka nya ta be abe ale si woɖe gbeƒãe le Ðasefowo ƒe takpekpe si wowɔ le Yankee Stadium ene la, woaɖe Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gɔme ɖe gbegbɔgblɔ ade bubuwo me. Tso ɣemaɣi la, Ðasefowo ta Biblia sia ɖe gbegbɔgblɔ 120 kple edzivɔwo me. Nyitsɔ laa la, Xexe Yeye Biblia Gɔmeɖeɖe Kɔmitia ɖoe be yeagbugbɔ asi trɔ le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia ŋu ale be wòasɔ ɖe egbegbe Eŋlisigbe nu eye emenya aɖewo gɔme sese nanɔ bɔbɔe wu, ale be eme nakɔ eye exexlẽ nanɔ bɔbɔe wu. Eye alea tututue wotrɔ asi le eŋui.

Aƒetɔ J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã la, gblɔ be: “Dzidzɔ gã aɖee wònye ɣemaɣi esi woxɔ Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia gbãtɔ ƒe 50 aɖewoe nye esi va yi, gake dzi dzɔ mí wu gbɔgblɔ esi míexɔ gɔmeɖeɖe yeye sia. Míaƒe taɖodzinue nye be míaɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo gɔme wo gɔme sese nanɔ bɔbɔe na ame sia ame, evɔ míazã nya siwo de pɛpɛpɛ, nya siwo ŋu bubu le siwo amewo zãna egbea le nuƒoƒo me.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000