Dzo kpo yi emenuwo dzi

JUNE 4, 2014
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Ðasefowo Adze Dukɔwo Dome Takpekpewo Gɔme

Ðasefowo Adze Dukɔwo Dome Takpekpewo Gɔme

NEW YORK—Yehowa Ðasefowo ƒe “Yi Edzi Nànɔ Mawu Fiaɖuƒea Dim Gbã!” ŋkeke etɔ̃ dukɔwo dome takpekpe gbãtɔ adze egɔme le Fiɖa, June 6, 2014, ƒe ŋdi le Ford Field le Detroit, Michigan, USA. Takpekpewɔƒe bubu siwo le Arizona, California, Florida, Illinois, Missouri, New Jersey kple North Carolina akpɔ gome le wɔnaa ƒe akpa aɖewo me to videokadodowo dzi, eye woaɖe wo gɔme ɖe Albaniagbe, Koreagbe, Polandgbe kple Portugalgbe me.

Aƒetɔ J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York, gblɔ be: “Le kwasiɖa etɔ̃ siwo va yi me la, Ðasefo siwo le Detroit kple du bubu siwo me woakpɔ wɔnaa to videokadodowo dzi kpe woƒe aƒelikawo be woakpɔ gome le wɔna tɔxɛ sia me kpli yewo. Míele mɔ kpɔm be ame ƒomevi vovovo siwo ade 45,000 ye ava Detroit eye ame 2,000 kple edzivɔ siwo atso Australia, Canada, Germany kple Taiwan ava hã le eme.”

Tso dzomeŋɔlia yina la, Ðasefo siwo le Amerika-dukɔa me awɔ dukɔwo dome takpekpe 16 le bɔlƒoƒe gãwo le Amerika-du vovovo ewo me. Le teƒe aɖewo la, woawɔ wɔna bliboa alo eƒe akpa aɖe le Albaniagbe, Amerika Tokunɔgbe, Arabgbe, Armeniagbe, Kantongbe, Chuukgbe, Fransegbe, Helagbe, Haitiatɔwo ƒe Kreolegbe, Hindigbe, Ilokogbe, Indonesiagbe, Italiagbe, Japangbe, Koreagbe, Mandaringbe, Marshall-gbe, Persiagbe, Polandgbe, Romaniagbe, Russiagbe, Samoagbe, Spaniagbe, Tagalog-gbe, Twigbe kple Vietnamgbe. Tso June 2014 va se ɖe ƒe 2015 me la, Ðasefowo awɔ dukɔwo dome takpekpewo le Australia, Ecuador, England (Angleterre), Germany (Allemagne), Greece, Mexico, South Korea (Corée du Sud) kple Zimbabwe.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000