Dzo kpo yi emenuwo dzi

APRIL 30, 2015
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒe 2015 Takpekpe Gãwo Adze Egɔme Le May Me

Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒe 2015 Takpekpe Gãwo Adze Egɔme Le May Me

NEW YORK—Yehowa Ðasefowo adze woƒe ƒe 2015 takpekpe gãwo gɔme le May 22 dzi le United States (États-Unis). Ƒe 2015 “Srɔ̃ Yesu!” Yehowa Ðasefowo Ƒe Takpekpe Gã ayi edzi le xexea me godoo va se ɖe January 2016 me. Le nuto ɖe sia ɖe si me woawɔ takpekpea le me la, Ðasefowo akpe amewo kwasiɖa etɔ̃ sɔŋ be woade takpekpea kpli yewo femaxee.

Aƒetɔ J. R. Brown, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York gblɔ be: “Ƒe sia me ƒe takpekpea ƒe tanya he susu yi Yesu Kristo dzi be enye ame si wonya le xexea me godoo eye wòɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na ame ɖe sia ɖe ƒomevi kple dekɔnu ɖe sia ɖe me tɔwo. Míeka edzi be nu yeye siwo woaɖe fia ku ɖe Yesu ƒe agbemenudzɔdzɔwo ŋu ado dzidzɔ na amewo. Wotrɔ asi le ƒe sia me ƒe takpekpe si me video wɔdɔɖeamedziwo le ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míasrɔ̃ Yesu le míaƒe gbe sia gbe gbenɔnɔ me. Ðoɖowɔɖia ana nyaselawo nakpɔ gome le takpekpea me bliboe.”

Akpɔ ŋkeke kple teƒe siwo woawɔ Ƒe 2015 “Srɔ̃ Yesu!” Nutome Gã Takpekpe le le míaƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org/ee. Nyadzɔdzɔgblɔlawo ate ŋu ado ka kple Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si te ɖe wo ŋu bene woaxɔ Ðasefowo teƒenɔla si woakpɔ ne wodi be yewoava lé takpekpea me wɔnawo la ƒe ŋkɔ kple nyatakaka bubuwo.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000