Dzo kpo yi emenuwo dzi

MARCH 20, 2015
XEXEA ME KATÃ ƑE NYADZƆDZƆWO

Wokpɔ Mɔ Be Ame Miliɔn Blaeve Ade Yehowa Ðasefowo Ƒe Wɔna Sia

Wokpɔ Mɔ Be Ame Miliɔn Blaeve Ade Yehowa Ðasefowo Ƒe Wɔna Sia

NEW YORK—Le Fiɖa, April 3, 2015 ƒe ɣeɖoto la, Yehowa Ðasefowo aɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi, si wobua wɔna vevitɔ le ƒea me. Woaƒo miniti 45 ƒe dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Kpɔ Ŋudzedze Ðe Nu Si Kristo Wɔ Na Wò La Ŋu!” le wɔna sia me. Le kwasiɖa siwo ado ŋgɔ na wɔna vevi sia me la, Ðasefoawo adze amewo kpekpe le xexea me godoo, woakpe woƒe aƒelikawo, wo xɔlɔ̃wo kple woƒe ƒometɔwo.

J. R. Brown si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le woƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn le New York gblɔ be: “Le ƒe si va yi me la, Yehowa Ðasefo miliɔn 8 aɖewo kpe amewo na Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia, eye ame siwo ade miliɔn 20 woe kpɔ gome le wɔnaa me. Le ƒe sia me la, míele mɔ kpɔm be ame siwo ava la asɔ gbɔ wu esia.”

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000