Dzo kpo yi emenuwo dzi

AUGUST (DASIAMIME) 10, 2015
ZIMBABWE

Ðasefo Siwo Le Zimbabwe Le Ƒe 2015 “Srɔ̃ Yesu!” Nutome Gã Takpekpewo Wɔm Le Dukɔwo Dome Takpekpe Ðedzesi Aɖe Si Wowɔ Ƒe Ðekae Nye Esia Megbe

Ðasefo Siwo Le Zimbabwe Le Ƒe 2015 “Srɔ̃ Yesu!” Nutome Gã Takpekpewo Wɔm Le Dukɔwo Dome Takpekpe Ðedzesi Aɖe Si Wowɔ Ƒe Ðekae Nye Esia Megbe

HARARE, Zimbabwe​—Yehowa Ðasefo siwo le Zimbabwe dze ƒe 2015 “Srɔ̃ Yesu!” Nutome Gã Takpekpewo gɔme le Fiɖa, July (Siamlɔm) 31 lia dzi. Ŋkeke etɔ̃ ƒe wɔna sia ayi edzi kwasiɖa sia kwasiɖa hena kwasiɖa 12 sɔŋ va se ɖe October (Kele) ƒe domedome.

Geoffrey Jackson, si nye Dɔdzikpɔhaa me tɔ, le Biblia me nuƒo aɖe ƒom le ƒe 2014 dukɔwo dome takpekpea me le Zimbabwe. Ðasefo siwo nye dukɔa me tɔ eve le eƒe axa eveawo nɔ eƒe nyawo gɔme ɖem zi ɖeka na vavalawo.

Aƒetɔ John Hunguka, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe nyanuɖela le Zimbabwe gblɔ be: “Amewo le mɔ kpɔm na ƒe sia me ƒe takpekpea vevie le dzidzedze gã si míekpɔ le ƒe 2014 dukɔwo dome takpekpe si míewɔ le Harare me la koŋ ta. Dukɔwo dome takpekpe ma nye wɔna ɖedzesi aɖe le Yehowa Ðasefo siwo le dukɔ sia me ƒe ŋutinya me.” Zimbabwetɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ xɔŋkɔ aɖe si woyɔna be NewsDay ka nya ta be dukɔwo dome takpekpe siae nye “subɔsubɔwɔna gãtɔ kekeake” si wowɔ le dukɔ sia me kpɔ, eye wòna be Yehowa Ðasefowo va zu “ame siwo ŋu nyakakadɔwɔlawo yi edzi ƒo nu le wu” le ƒe 2014 me la dometɔ ɖeka.

Ame 82,000 kple edzivɔ aɖewo yɔ Dukɔa Ƒe Bɔlƒoƒe si le Harare taŋtaŋ le takpekpe si wowɔ le ƒe 2014 me la ƒe ŋkeke mamlɛtɔ dzi. Esi wobia gbe aƒetɔ John Jubber, si nye Ðasefoawo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Zimbabwe, ƒe ame dɔdɔ le takpekpea ƒe nuwuwu la, egblɔ be: “Míexɔ ame dɔdɔ 3,500 tso Brazil, Germany, Amerika, Zambia kple Kenya.”

Le ƒe sia me la, Ðasefo siwo le Zimbabwe awɔ “Srɔ̃ Yesu!” Nutome Gã Takpekpe 39 le teƒeteƒewo. Teƒe siwo woawɔe le la dometɔ ɖekae nye Zimbabwe Dukɔwo Dome Adzɔnuɖefiaƒe. Woawɔ takpekpe bliboa alo eƒe akpa aɖe le Chinagbe (Mandarin), Chitonga (Zimbabwe), Eŋlisi, Ndebele (Zimbabwe), Shona, Swahili kple Zimbabwe Tokunɔgbe me. Àkpɔ ŋkekeawo kple teƒe siwo tututu woawɔ takpekpe siawo le le Zimbabwe la le Yehowa Ðasefowo ƒe nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org.

Woƒe Kadodowo:

Xexea Me Godoo: J. R. Brown, Office of Public Information, tel. +1 718 560 5000

Zimbabwe: John Hunguka, tel. +263 4 2910591