Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzotsila Si Mele Dɔ Me O Ðe Amewo Ƒe Agbe

Dzotsila Si Mele Dɔ Me O Ðe Amewo Ƒe Agbe

Le Kwasiɖa, January 5, 2014 la, Serge Gerardin le bɔs me yina Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe le teƒe aɖe si gogo Paris le France, esi afɔku dziŋɔ aɖe dzɔ. Egblɔ be: “Ʋu aɖe lɔ kpe siwo woɖo ɖe ana to eye wòdzo yi yame va lɔ ana, eye ʋua trɔ ta bu helé dzo.”

Serge nye dzotsila ƒe 40 kple edzivɔe nye ema. Esi wònye dzotsilawo ƒe amegãe wònye ta la, etso kpla na kpekpeɖeŋu ameawo. Egblɔ be: “Togbɔ be míaƒe ʋua to mɔa ƒe akpa kemɛ hã la, mena míaƒe ʋukula tɔ eye meƒu du yi ʋu si le bibim la gbɔ.” Serge se ameawo nɔ ɣli dom be: “Mixɔ nam! Mixɔ nam!” Egblɔ be: “Medo kotu bla kɔla ɖe edzi, dzotsinu aɖeke menɔ ŋunye o. Gake ɣli mawo sese na megblɔ na ɖokuinye be woagate ŋu aɖe ame aɖe ƒe agbe kokoko!”

Esi Serge zɔ ƒo xlã ʋua la, ekpɔ ʋua me nɔla aɖe si tɔtɔ le eɖokui me eye wòkplɔe yi teƒe aɖe si wòanɔ dedie le. Serge gblɔ be: “Egblɔ nam be ame eve bubuwo gale ʋua me. Ʋu gbogbo aɖewo va tɔ ɖi. Gake ale si dzoxɔxɔa nu sẽ kple ale si dzoa le lélem vlavlavla ta la, ame aɖeke mete ŋu le ʋua gogom o.”

Agbatsɔʋu gãwo kula geɖewo va kple woƒe dzotsinuwo. Serge gblɔ na wo be wonefiã dzotsinuawo katã ɖe ʋua me, eye esia wɔe be dzoa tɔ sẽe. Ʋukula la xaxa ɖe ʋua te. Eya ta Serge kple ame siwo va tɔ woƒe ʋuwo ɖi la kɔ ʋua yi dzi eye wohe ʋukulaa do go le eme yi da ɖe afi si wòanɔ dedie le.

Serge gblɔ be: “Dzoa lé zi ɖeka vla!” Gake egasusɔ ame ɖeka le ʋua me. Ʋua ƒe zikpuiŋuka lée ɖi, eƒe ta trɔ gbo. Kasia dzotsila bubu si mele dɔ me o hã va do, edo awu si dzokekedolawo dona ɖe awu dzi. Serge gblɔ be: “Meɖe eme nɛ be ʋua le wówo ge, eya ta míeɖoe be míalé amea ƒe alɔ ahee le ʋua me, eye míewɔe nenema hã.” Mede miniti ɖeka hafi ʋua wó kpoo o.

Esi dzotsilawo kple atikewɔlawo va ɖo la, wova kpɔ ame siwo dze afɔku la eye wotsi dzoa. Wokpɔ abi siwo Serge xɔ kple ale si eƒe asiwo fiãe la gbɔ nɛ. Esi Serge gayi ɖaɖo woƒe ʋu be yeadze takpekpemɔ la, ame geɖewo ƒu du yi egbɔ ɖada akpe nɛ kakaka.

Edzɔ dzi na Serge ŋutɔ be yete ŋu xɔ na ame mawo. “Mekpɔe be agba le dzinye le Yehowa, nye Mawu la ŋkume be maɖe ame mawo ƒe agbe. Nu si na nye dzidzemee nye be mete ŋu kpe asi ɖe eŋu míeɖe ame mawo ƒe agbe.”