Dzo kpo yi emenuwo dzi

Wokafu Yehowa Ðasefowo Le Hungary Ðe Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Wowɔ Le Tɔɖɔɖɔ Aɖe Me Ta

Wokafu Yehowa Ðasefowo Le Hungary Ðe Kpekpeɖeŋunadɔ Siwo Wowɔ Le Tɔɖɔɖɔ Aɖe Me Ta

Tsi gã aɖe dza le Titina Europa le June 2013 me, esia tɔgbi medza le nuto sia me kpɔ o, eye wòna tɔsisiwo ɖɔ gbagba. Le Hungary (Hongrie) la, Danube Tɔsisia ɖɔ gbagba le eƒe goawo katã kloe dzi, eye tsia meɖɔ nenema kpɔ o.

Le nudzɔdzɔ kpata sia me la, Hungariatɔwo Ƒe Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Amegbetɔwo Ƒe Nyawo Gbɔ bia Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le dua me la be ɖe wòanya wɔ be woana Ðasefowo nakpe asi ɖe yewo ŋu yewoaxe mɔ na tsia ale be magagblẽ nu le amewo ŋu o mahã. Esia ta alɔdzedɔwɔƒea bia tso hame siwo katã le nuto siwo katã le Danube Tɔsisia ŋu me la si be woakpe asi ɖe mɔxexe ɖe tɔɖɔɖɔ nu ƒe ɖoɖo si dumegãwo wɔ la ŋu.

Nukutɔe la, Ðasefo gbogbo aɖewo tsɔ wo ɖokuiwo na be yewoawɔ dɔ sia. Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, Ðasefo 900 kple edzivɔ siwo tso hame 72 me kpe asi ɖe eŋu wogbugbɔ do tɔawo to wòsesẽ wu tsã. Wobia tso wo si be woade akɔtagbalẽvi si dzi woŋlɔ ɖo be “Yehowa Ðasefowo,” woŋlɔ woƒe ŋkɔwo kple du siwo me wotso la hã ɖe edzi.

Le du gã aɖe me la, Hungariatɔwo ƒe Atitsoga Dzĩ habɔbɔ ƒe teƒenɔla ŋlɔ lɛta aɖe ɖo ɖe hameawo dometɔ ɖeka, si ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Miedze na akpedada kple bubu, elabe ɖekawɔwɔ kple ɖokuitsɔtsɔ na faa be yewoana kpekpeɖeŋu ƒe kpɔɖeŋu si mieɖo la mebɔ o, eye ale si mietso teƒe didiwo va wɔa dɔ sia hã wɔ dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ! Meƒoa nu tso kpɔɖeŋu ɖedzesi si mieɖo la ŋu dadatɔe le míaƒe nutoa me!”

Ðoɖo si wowɔ be woaxe mɔ ɖe tɔsisia nu be magblẽ nu o la ƒe zimenɔla, si ganye Hungariatɔwo ƒe Sewɔtakpekpe me tɔ la ŋlɔ lɛta na Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea tsɔ da akpe na wo ɖe dɔ nyui si wowɔ la ta.