Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klas 135 Lia Ƒe Sukunuwuwɔnawo
Le September 14, 2013 dzi la, ame 10,500 aɖewo va kpe ta hena Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa Ƒe Gilead Biblia Suku Ƒe Klas 135 Lia Ƒe Sukunuwuwɔnawo le Yehowa Ðasefowo ƒe hehenaƒe si le Patterson le New York. Wonaa hehe Yehowa Ðasefowo ƒe gbeƒãɖela kpɔnuteƒewo be woagabi ɖe edzi le woƒe dɔdeasiwo wɔwɔ me.
Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha me tɔ Guy Pierce yee nye wɔnaa ƒe zimenɔla. Etu eƒe ŋgɔdonyawo ɖe Mateo 28:19, 20 me nyawo dzi. Afi ma gblɔ be: “Eya ta miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, . . . miafia wo be woawɔ nu siwo katã ƒe se mede na mi la dzi.”
Nɔviŋutsu Pierce ɖe eme be Yesu ƒe nya siawo le dɔ wɔm ɖe amewo dzi va se ɖe egbe sia. Ne míele nusrɔ̃ladɔa wɔm la, míefiaa amewo be woawɔ nu siwo katã ƒe se Yesu de na mí la dzi. Eye esia lɔ se si wòde be “woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui” la hã ɖe eme. (Mateo 24:14) Le mɔ sia nu la, nusrɔ̃la yeye ɖe sia ɖe va zua Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela kple nufiala. Nu kae do tso dɔ sia wɔwɔ alea me? Nɔviŋutsu Pierce gblɔ be “Anyigbadzinɔlawo dzi ɖe edzi, gake Mawu ƒe amewo hã dzi ɖe edzi.”
“Wowɔe Wògbɔ Woƒe Ŋutete Ŋu.” Amerika Alɔdzekɔmitia me tɔ Thomas Cheiky ƒo nuƒo aɖe si wòtu ɖe 2 Korintotɔwo 8:1-4 dzi. Togbɔ be Makedonia-hame si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me la me tɔwo da ahe kolikoli hã la, woɖe kuku be woana mɔnukpɔkpɔ yewo yewoadzɔ nu atsɔ akpe asi ɖe nɔvi siwo hiã tu le Yerusalem la ŋu. Gilead sukuviawo hã ɖe dɔmenyonyo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ sia ke fia.
Míeka ɖe edzi be Makedonia nɔviwo ɖɔ ŋu ɖo ale be wometsɔ woƒe nuwo katã na si wɔe be womete ŋu kpɔ woƒe ƒomewo ƒe nuhiahiã gbɔ na wo alo do kplamatsɛ woƒe mawusubɔsubɔ o. Nɔviŋutsu Cheiky ɖo aɖaŋu na sukuviawo be ele be woada asɔ le nunana me abe ale si Makedoniatɔwo wɔe ene.
“Suku La Wu Enu.” Dɔdzikpɔha me tɔ Samuel Herd he susu yi nu si tae wòle be sukuviawo naɖo ŋku nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le sukua me la dzi. Abe ale si ko ne ame se ha vivi aɖe wòtsia susu me nɛ le ŋkeke bliboa me ene la, ŋkuɖoɖo nu nyui siwo sukuviawo srɔ̃ le Gilead sukua me dzi ate ŋu alé wo ɖe te ɣeyiɣi didi aɖe le woƒe sukua nuwuwu megbe.
Nɔviŋutsu Herd ɖo ŋku edzi na sukuviawo be seɖoƒe meli na Mawu ƒe susu o. Elabena ena ŋkɔ ɣleti miliɔn akpe miliɔn geɖe siwo le xexe gbahooa me, eye maŋlɔ ɣletivi siawo dometɔ aɖeke ƒe ŋkɔ be o. (Psalmo 147:4) Anɔ bɔbɔe nɛ ŋutɔ be wòaɖo ŋku agbagba siwo sukuviawo dze le Gilead-sukua me dzi. Woƒo ‘kesinɔnuwo nu ƒu ɖe dziƒo,’ eye ame aɖeke mate ŋu afi susu nyui siwo le Yehowa si ku ɖe sukuvi siawo ŋu la le eƒe susu me o.—Mateo 6:20.
Esi wònye be Mawu ɖoa ŋku sukuviawo ƒe agbagbadzedze kple lɔlɔ̃ si le wo si nɛ dzi ta la, esɔ be sukuviawo nakpɔ ŋudzedze gã aɖe ɖe nuteƒekpɔkpɔ siwo su wo si le Gilead-sukua me la ŋu. Nɔviŋutsu Herd gblɔ be: “Ne mieɖo ŋku nu nyui siwo miekpɔ le sukua me dzi eye wòna dzi dzɔ mi la, migaŋlɔ Yehowa ame si na miele dzidzɔ kpɔm la be o. Ŋkuɖoɖo nuwo dzi megati mi o. Elabena viɖe si mimaŋlɔ be gbeɖe o la ate ŋu ado tso eme na mi.”
“Yehowa Ƒe Ŋusẽ Triakɔ La Nefa Akɔ Na Wò.” Gilead nufiala Sam Roberson de dzi ƒo na sukuviawo be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ ŋu ne wodze ŋgɔ kuxi yeyewo tsɔ wu be woaɖo ŋu ɖe woawo ŋutɔ ƒe ŋutete ŋu. Efesotɔwo 3:20 gblɔ be Mawu ate ŋu “awɔ nu siwo míebiana alo nu siwo vaa míaƒe susu me la na mí wòagbɔ eŋu sãsãsã.” Eƒe ŋusẽ gɔme sese gbɔ míaƒe ŋutete nu ale gbegbe be míate ŋu azã nyagbe si nye ‘nu siwo vaa míaƒe susu me la na mí wòagbɔ eŋu’ aɖɔe wòade edeƒe o, elabena mawunyakpukpuia gblɔ be ate ŋu awɔe wòagbɔ eŋu “sãsãsã.”
Yehowa na eƒe ŋusẽ triakɔ sia Kristotɔ ɖe sia ɖe. Ele abe “aʋakalẽtɔ sesẽ ene” na mí le nɔnɔme sesẽwo me. (Yeremiya 20:11) Nɔviŋutsu Roberson ɖo ŋku edzi na sukuviawo be Yehowa akpe ɖe wo ŋu woaɖu nɔnɔme sesẽ alo kuxi ɖe sia ɖe si ava wo dzi la dzi.
“Na Bubu Nakpɔtɔ Nɔ Ŋuwò Le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa Me.” William Samuelson, si hã nye Gilead sukunufiala, gblɔ be bubu le Gilead sukuviawo ŋu le Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa me le mɔ eve nu. Wona bubu le wo ŋu do ŋgɔ na sukua deɣi kple sukua deɣi siaa, eye woyi edzi na bubu geɖe wu va le wo si sum esi woyi edzi nye Mawu Fiaɖuƒe si nye dziɖuɖu kɔkɔtɔ si le xexe gbahoo sia me la teƒenɔlawo.
Nu kae sukuviawo awɔ be bubu sia nakpɔtɔ anɔ wo ŋu? Nɔviŋutsu Samuelson de dzi ƒo na sukuviawo be woade bubu Yehowa kple amewo siaa ŋu abe le si Yesu de bubu ame siwo dome wònɔ la ŋu ne ele nya gbem na wo alo le aɖaŋu ɖom na wo gɔ̃ hã ene. Nu kae ado tso eme? Abe apostolo Paulo ene la, esia ana bubu geɖe wu anɔ sukuviawo kple woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu wu be woanɔ bubu dzodzro dim na wo ɖokuiwo.—Romatɔwo 11:13.
‘Sɔawo Ƒe Ŋusẽ Le Woƒe Nuwo Me.’ Michael Burnett, si hã nye Gilead sukunufiala, gblɔ ale si míaƒe nuwɔnawo wɔa ɖeka kple Nyaɖeɖefia 9:19 me nyawo ne míezã nu siwo míesrɔ̃na le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me tsɔ ƒoa nu kple ŋusẽ le ɖaseɖiɖidɔa me. Azɔ ena sukuviawo gblɔ nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo su wo si le Gilead-sukua deɣi eye wowɔ ale si nuawo dzɔ ŋutɔŋutɔ la ƒe wɔwɔfiawo hã. Le kpɔɖeŋu me, sukuviawo dometɔ ɖeka bia gas-dzrala aɖe be, “Ɣekaɣie dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo dze egɔme eye ɣekaɣie wòawu enu?” tsɔ na wòtsɔ ɖe le nya la me. (Luka 21:24) Esi wògatrɔ yi egbɔ emegbe la, ezã Daniel ta 4 kple megbenya si dze le Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? gbalẽa me tsɔ ɖo nyabiasea ŋu nɛ.
“Eli Ke Woƒe Dziwo.” Adrian Fernandez, si nye Amerika Alɔdzekɔmitia me tɔ bia gbe sukuvi eve aɖewo kple wo srɔ̃wo. Nɔviŋutsu Helge Schumi gblɔ be esi Biblia na míekpɔe kɔtɛe be dada va gena ɖe Mawu subɔla aɖewo me esi mɔnukpɔkpɔ tɔxɛwo su wo si ta la, nusɔsrɔ̃ ku ɖe ɖokuibɔbɔ ŋu nyea Gilead sukunusɔsrɔ̃awo ƒe akpa aɖe ɣesiaɣi. (2 Kronika 26:16) Nɔviŋutsu Peter Canning gblɔ be nenema kee wòle le Gilead nusɔsrɔ̃ si ku ɖe nuto siwo me sukuviawo ayi la me tɔwo ƒe gbewo sɔsrɔ̃ hã gome, egblɔ be: “Migado mia ɖokuiwo ɖe dzi o. Milɔ̃ faa amewo nako mi.” Sukunuwula ene siawo katã ɖe ale si sukunusɔsrɔ̃a do ŋusẽ wo hena dɔ siwo le ŋgɔ na wo wɔwɔ eye wòli ke woƒe dziwo.—Hebritɔwo 13:9.
“Mikpɔ Dzidzɔ Le Esi Woŋlɔ Miaƒe Ŋkɔwo Ðe Dziƒowo Ta.” (Luka 10:20) Dɔdzikpɔha me tɔ Geoffrey Jackson ye ƒo wɔna ƒe nuƒo vevitɔ. Sukunuwula siawo ya ƒe akpa gãtɔ maxɔ dɔdeasi yeyewo o alo dɔwɔwɔ le anyigbamama siwo me womeɖe gbeƒã le kpɔ o ƒe nuteƒekpɔkpɔ wɔdɔɖeamedziwo masu wo si abe ale si wònɔ le sukunuwula tsãtɔwo gome ene o. Ke aleke woawɔ nui?
Esi Yesu ƒe nusrɔ̃la 70 siwo wòdɔ be woayi aɖaɖe gbeƒã trɔ gbɔ la, wogblɔ nyatakaka dodzidzɔname si nye be yewote ŋu nya gbɔgbɔ vɔ̃wo gɔ̃ hã le Yesu ƒe ŋkɔ me. (Luka 10:1, 17) Togbɔ be Yesu kpɔe be woƒe nuteƒekpɔkpɔawo lé dzi na ame hã la, egblɔ na wo be: “Gake migakpɔ dzidzɔ be gbɔgbɔawo naa ta mi o, ke boŋ mikpɔ dzidzɔ le esi woŋlɔ miaƒe ŋkɔwo ɖe dziƒowo ta.” (Luka 10:20) Eɖee fia le nya siawo me be nuteƒekpɔkpɔ lédziname siawo manɔ wo si sum ɣesiaɣi o. Ele be woƒe susu nanɔ woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple ale si ‘woŋlɔ woƒe ŋkɔwo ɖe dziƒowo’ la ŋu ke menye woƒe gbeƒãɖeɖedɔa me tsonuwo ŋu o.
Nɔviŋutsu Jackson gblɔ be: “Nu si Yesu fia eƒe nusrɔ̃la 70 mawo ka míawo hã.” Mele be míasusui be viɖe siwo dona tso míaƒe subɔsubɔdɔa me koŋ dzie míanɔ te ɖo agblɔ be míele dzidzɔ kpɔm alo míenye nuteƒewɔlawo o. Ke boŋ míate ŋu akpɔ dzidzɔ ahawɔ nuteƒe na Yehowa ne míena be mí kplii dome le kplikplikpli eye míekua kutri le eƒe subɔsubɔdɔa me.
Yesu gɔ̃ hã to nɔnɔme siwo ate ŋu aɖe dzi le ame ƒo la me. Le kpɔɖeŋu me, esi wòna nuɖuɖu ame akpe geɖewo nukutɔe la, wodze eyome. (Yohanes 6:10-14, 22-24) Gake eteƒe medidi hafi Yesu ƒe nufiafia ɖia wo dometɔ geɖewo nu o, eye kasia nàkpɔ la, nusrɔ̃la gbogbo siwo kplɔe ɖo bibibi la ka hlẽ gbee. (Yohanes 6:48-56, 60, 61, 66) Ke hã, apostolo wɔnuteƒeawo ɖoe kplikpaa be yewoanɔ Yesu yome. Woɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi le esia me be nu si ŋu wotsi dzi ɖo vevie lae nye nuteƒewɔwɔ na Yehowa kple kadodo si le wo kplii dome, ke menye viɖe si woakpɔ ye nɔ vevie na wo o.—Yohanes 6:67-69.
Nyataƒoƒo. Esi sukuviawo xɔ woƒe ɖaseɖigbalẽwo vɔ la, wo dometɔ ɖeka xlẽ akpedalɛta si sukuviawo ŋlɔ. Nɔviŋutsu Pierce gblɔ be xexea mebua Mawu ƒe amewo, si lɔ Gilead sukunuwulawo siaa ɖe eme, be wole tɔxɛe o. (Dɔwɔwɔwo 4:13; 1 Korintotɔwo 1:27-31) Ke hã Yehowa xɔa míaƒe adzɔgbeɖeɖe eye wònaa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí. Nɔviŋutsu Pierce gblɔ be togbɔ be míaƒe agbalẽnyanya mawɔ dɔ ɖe Yehowa dzi o hã la, “Míaƒe nuteƒewɔwɔ, anukwareɖiɖi kple ɖokuitsɔtsɔna ya wɔa dɔ ɖe edzi.”